Psalmo 27
David ƒe ha.
Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe.
Ame ka mavɔ̃?
Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe,
ame ka adzi ŋɔ nam?
 
Ne ame vɔ̃ɖiwo lũ ɖe dzinye be woavuvum,
ne nye futɔwo kple nye ketɔwo lũ ɖe dzinye la,
woakli nu adze anyi.
Togbɔ be aʋakɔ gã aɖe ɖe to ɖem hã la,
nye dzi mavɔ̃ o,
togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye hã la,
azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye.
 
Nu ɖeka mebia Yehowa,
esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me
le nye agbemeŋkekewo katã me,
ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu,
eye madii le eƒe gbedoxɔ me.
Elabena le xaxaɣiwo la,
atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me;
aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe,
eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi.
 
Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ
siwo ƒo xlãm godoo la ta;
matsɔ dzidzɔɣli asa vɔ nɛ le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me.
Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.
 
O! Yehowa, se nye gbe, ne meyɔ wò;
kpɔ nublanui nam, eye nàtɔ nam.
Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be,
“Di eƒe ŋkume!”
Yehowa, wò ŋkumee madi.
Mègaɣla wò ŋkume ɖem o,
mègatrɔ wò dɔla ɖo ɖa le dɔmedzoe me o,
elabena wòe nye nye xɔnametɔ.
O! Mawu, nye Ɖela,
mègagbe nu le gbɔnye alo agblem ɖi o.
10 Togbɔ be tɔnye kple nɔnye gblem ɖi hã la,
Yehowa axɔm.
11 O! Yehowa, fia wò mɔwom;
kplɔm to mɔ dzɔdzɔe dzi,
le ame siwo tem ɖe to la ta.
12 Mègatsɔm de asi na nye futɔwo ƒe didi o,
elabena alakpaɖasefowo tso ɖe ŋutinye kpe ɖe
ame siwo lɔ ŋutasesẽ ƒe gbɔgbɔtsixɛ ɖe ƒo la ŋuti.
 
13 Esia nye nu si dzi meka ɖo la be:
Makpɔ Yehowa ƒe nu nyuiwo
le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
14 Kpɔ mɔ na Yehowa;
sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo.
Kpɔ mɔ na Yehowa.