Psalmo 3
David ƒe ha, esi wòsi le via Absalom nu.
O, Yehowa, aleke nye futɔwo sɔ gbɔ ale!
Aleke ame geɖewo tso ɖe ŋunye ale!
Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be,
“Mawu maɖee akpɔ o.”
Sela
 
O, Yehowa, ke wò la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm;
ètsɔ ŋutikɔkɔe kɔ ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi.
Yehowae medo ɣli na sesĩe,
eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi.
Sela
 
Memlɔ anyi hedɔ alɔ̃;
meganyɔ, elabena Yehowae kpɔ tanye.
Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho,
ɖe to ɖem godoo la o.
 
Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu!
Ƒo tome na nye futɔwo katã;
eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.
 
Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona.
Na be wò yayra nanɔ wò amewo dzi.
Sela.