Psalmo 38
David ƒe ha. Kukuɖeɖe.
O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me,
alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o,
elabena wò aŋutrɔwo ƒo ɖem,
eye wò asi sẽ ɖe dzinye.
Wò dziku helĩhelĩ la wɔe be ŋusẽ aɖeke megale menye o;
nye ƒuwo tugu le nye nu vɔ̃ ta.
Nye dzidada kɔ gbɔ tanye abe agba kpekpe si
nyemate ŋu atsɔ o la ene.
 
Nye abiwo ƒaƒã hele ʋeʋẽm
le nye bometsitsi ƒe nu vɔ̃ ta.
Wobɔbɔm ɖe anyi, eye woɖi gbɔ̃m,
eye ŋkeke blibo la, mele yiyim le nuxaxa me.
Vevesese manyagblɔ aɖe xɔ nye ame blibo la me,
eye ŋusẽ aɖeke megale nye ameti blibo la ŋu o.
Megbɔdzɔ, hegba gudugudu,
eye mele ŋeŋem le nye dzi ƒe vevesese ta.
 
O! Aƒetɔ, nye dzimedidiwo katã le ŋkuwò me,
eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe wò o.
10 Nye dzi le tsotsom kpokpokpo,
ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye nyemegate ŋu le nu kpɔm o.
11 Le nye abiawo ta,
xɔ̃nyewo kple nye zɔhɛwo ƒo asa nam,
eye nye aƒelikawo hã le adzɔge nam.
12 Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam,
ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la
le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti;
ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.
 
13 Mele abe tokunɔ si mate ŋu ase nu o la ene,
eye mele abe aɖetututɔ si mate ŋu aƒo nu o la ene.
14 Mele abe ame si mesea nu o la ene
kple ame si mate ŋu atsɔ eƒe nu aɖo nya aɖeke ŋu o la ene.
15 O! Yehowa, mele asiwò nu kpɔm,
O! Aƒetɔ, nye Mawu, atɔ nam godoo.
16 Elabena megblɔ be, “Mègana be woakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe ŋutinye,
alo woado wo ɖokui ɖe dzi ɖe ŋutinye ne nye afɔ ɖiɖi o.”
 
17 Esusɔ vie ko madze anyi,
eye nye vevesese la le edzi ɖaa.
18 Meʋu nye dzidada me,
eye nye nu vɔ̃ ɖe fu nam.
19 Ame geɖewoe nye nye futɔ gãwo,
eye ame siwo lé fum susumanɔmetɔe la sɔ gbɔ ŋutɔ.
20 Ame siwo tsɔ vɔ̃ ɖo nyui siwo mewɔ teƒe la
ƒo ɖi nye ŋkɔ,
esi meti nu si nyo la yome.
 
21 O! Yehowa, mègagblẽm ɖi o,
O! Nye Mawu, mèganɔ adzɔge nam o.
22 Va kaba, nàɖem,
O! Aƒetɔ, nye Ɖela.