Psalmo 46
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu.
Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ,
xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me.
Eya ta ne anyigba gli le zi dzi hã la, míavɔ̃ o,
ne towo ho ɖadze atsiaƒu me,
eye atsiaƒutsi ɖe gbe lɔ futukpɔ ɖe nu,
ale be towo dzo kpekpekpe
le eƒe howɔwɔ ta hã la, míavɔ̃ o.
Sela
 
Tɔsisi aɖe li,
esi ƒe tsiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe du,
teƒe kɔkɔe, afi si Dziƒoʋĩtɔ la nɔna.
Mawu le afi ma, eya ta mamu adze anyi o.
Mawu akpe ɖe eŋu ne ŋu ke teti.
Hoowɔwɔ ɖo dukɔwo me, fiaɖuƒewo mu;
ekɔ eƒe gbe dzi, tete anyigba lolo.
 
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí,
Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ.
Sela
 
Miva kpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ɖa,
miva kpɔ gbegblẽ si wòhe va anyigba dzi la ɖa.
Ena aʋawɔwɔ nu tso va se ɖe keke anyigba ƒe mlɔenu ke;
eŋe da, eye wòfli akplɔ,
hetɔ dzo akpoxɔnuwo.
10 “Ɖe dzi ɖi, eye nànya be nyee nye Mawu.
Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome,
eye woadom ɖe dzi le anyigba dzi.”
 
11 Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí,
Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ.
Sela.