Psalmo 51
David ƒe ha na hɛnɔ la. Ekpa ha sia esime wòwɔ ahasi kple Batseba, eye Nyagblɔɖila Natan va egbɔ.
O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.
Klɔ nye vodadawo katã ɖa, eye nàle tsi nam
ŋunye nakɔ tso nye nu vɔ̃wo me.
 
Elabena menya nye dzidadawo,
eye nye nu vɔ̃wo le nye ŋkume ɖaa.
Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo,
eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ,
eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ,
eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.
Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me,
eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.
Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina;
èfia nunyam le ememe ke.
 
Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi;
le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala.
Na mase dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso,
ne nye ƒu siwo nèŋe la nakpɔ dzidzɔ.
Ɣla wò mo ɖe nye nu vɔ̃wo,
eye nàtutu nye vodadawo katã ɖa.
 
10 O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam,
eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.
11 Mègatsɔm ƒu gbe le wò ŋkume,
alo nàxɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le asinye o.
12 Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye,
eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi.
 
13 Ekema mafia wò mɔwo dzidalawo,
eye nu vɔ̃ wɔlawo atrɔ ava gbɔwò.
14 O! Mawu, ɖem tso ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ me,
wò Mawu si ɖem, eye nye aɖe adzi ha
le wò dzɔdzɔenyenye ŋu.
15 O! Aƒetɔ, ke nye nuyiwo,
eye nye nu aɖe gbeƒã wò kafukafu.
16 Mèdia vɔsa o, anye ne metsɔe na wò;
numevɔsa hã medoa dzidzɔ na wò o.
17 Vɔsa siwo nye Mawu tɔe nye gbɔgbɔ si wogbã.
O! Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.
 
18 Na nu nadze edzi na Zion le wò didi nyui la nu,
eye nàɖo Yerusalem ƒe gliwo te.
19 Ekema dzɔdzɔenyenyevɔsawo
kple numevɔsa blibowo ava gbɔwò,
ado dzidzɔ na wò, eye woatsɔ nyitsuwo asa vɔe
le wò vɔsamlekpui dzi.