Psalmo 57
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi wòsi le Saul nu yi ɖabe ɖe agado aɖe me.
Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, kpɔ nye nublanui,
elabena wò mee nye luʋɔ kpɔ sitsoƒe le.
Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mabe ɖo va se ɖe
esime gbegblẽ la nu nava yi.
 
Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae medo ɣli na,
Mawu si wɔa ɖoɖo si wòwɔ ɖe ŋunye la dzi.
Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na
ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe.
Sela
Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa.
 
Mele dzatawo dome,
memlɔ lã lénuwo dome,
amegbetɔ siwo ƒe aɖuwo nye akplɔwo kple aŋutrɔwo,
eye woƒe aɖewo nye yi ɖaɖɛwo.
 
Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu,
na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi.
 
Woɖo ɖɔ ɖi na nye afɔ,
ena mete ɖe anyi kple nuxaxa.
Woɖe ʋe ɖe mɔ dzi nam,
gake woawo ŋutɔ ge dze eme.
Sela
 
Nye dzi li ke sesĩe, O Mawu,
nye dzi li ke sesĩe,
eya ta madzi ha aƒo saŋku.
Nyɔ, nye luʋɔ!
Nyɔ, kasaŋku kple gasaŋku!
Mana fɔŋli nanyɔ!
 
O! Aƒetɔ, makafu wò le dukɔwo dome,
eye madzi ha na wò le dukɔwo dome,
10 elabena wò lɔlɔ̃ keke ta,
yi ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli.
 
11 Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu,
na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi.