Psalmo 62
David ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun.
Mawu me ko nye luʋɔ kpɔ gbɔɖeme le,
eye eya ko gbɔ nye xɔxɔ tsona.
Eya koe nye nye agakpe,
nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ, eya ta nyemaʋã akpɔ gbeɖe o.
 
Va se ɖe ɣe ka ɣi nànɔ ame ɖeka ƒoƒo dzi?
Ɖe mi katã mialé ame si le abe gli gbagbã
kple kpɔ si le mumum ene la aƒu anyia?
Woɖoe vavã be yewoatutui tso
eƒe nɔƒe kɔkɔ la, elabena wolɔ̃a alakpadada.
Wotsɔa woƒe nuwo gblɔa yayranyawoe,
ke fiƒode le woƒe dzi me.
Sela
 
O! Nye luʋɔ, gbɔ ɖe eme le Mawu ɖeka ko me,
elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso.
Eya hɔ̃ɔ koe nye nye agakpe,
nye xɔxɔ kple nye mɔ sesẽ,
eya ta nyemaʋuʋu o.
Nye xɔxɔ kple bubu ku ɖe Mawu ŋu,
eyae nye nye agakpe sesẽ kple nye sitsoƒe.
O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi;
mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi,
elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe.
Sela
 
Vavã, ƒuƒu ko ame gbɔlowo nye,
eye alakpa nye ame siwo nye ame ŋkutawo,
elabena ne woda wo le nudanu dzi la,
tofloko ko wonye,
eye wo katã ƒuƒu ko wonye.
10 Migaɖo ŋu ɖe amebaba ŋu,
alo akpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo wofi la ŋuti o.
Togbɔ be wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi hã la,
mègatsɔ wò dzi da ɖe wo dzi o.
 
11 Mawu gblɔ nya ɖeka,
eye mese nu eve le eme be,
“Wò, O Mawu, ɖeka koe sesẽ,
12 eye O Aƒetɔ, wò la lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò.
Vavã, àɖo eteƒe na ame
sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.”