Psalmo 69
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu.
Mawu, ɖem,
elabena tsi ɖɔ ɖe ŋunye va se ɖe nye kɔgbɔ ke.
Meɖo ba yi ɖe tome ke,
afi si afɔɖoƒe mele o.
Meɖo tɔ goglowo me;
tsi ɖɔ to tanye.
Medo ɣli be woaxɔ nam,
ale nu ti kɔ nam, eye nye ve me hã ƒu kplakplakpla.
Mekpɔ mɔ na Mawu ʋuu,
eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu.
Ame siwo lé fum ɖe nanekemawɔmawɔ ta la
sɔ gbɔ wu nye taɖa.
Amewo lé fum yakatsyɔ,
eye woti yonyeme be woatsrɔ̃m.
Ale meɖo nu si nyemefi o la eteƒe dzizizitɔe.
 
O! Mawu, ènya nye bometsitsi,
eye nye fɔɖiɖi mele ɣaɣla ɖe wò o.
 
O! Aƒetɔ, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ,
mègana ame siwo ƒe mɔkpɔkpɔ
le mewò la naɖu ŋukpe le tanye o.
O! Israel ƒe Mawu, ame siwo le diwòm la,
mègana ŋu nakpe wo le tanye o.
Tawòe wodo vlom ɖo,
eye ŋukpe tsyɔ mo nam.
Menye amedzro na nye ŋutɔ nɔvinye ŋutsuwo
kple ame manyamanya na danyevi ŋutsuwo.
Elabena lɔlɔ̃ na wò aƒe zu dzo ge ɖe menye,
eye ame siwo dzu wò la ƒe dzudzu va dzinye.
10 Esi mefa avi, tsi nu dɔ la,
vlododo boŋ wozu nam;
11 esi meta akpanya la,
mezu nu ɖikokoe na amewo.
12 Ame siwo nɔ anyi ɖe agbo nu la ɖe alɔme le ŋunye,
eye ahamulawo kekeake hã kpa ha dem.
 
13 O! Yehowa, medo gbe ɖa na wò le wò amenuveɣi;
O! Mawu, le wò lɔlɔ̃ gã la ta,
tɔ nam kple wò xɔname si medana le edzi o.
14 Ɖem tso agbi me,
mègana mayi to o,
ɖem le ame siwo lé fum la ƒe asi me,
tso tɔ goglowo me.
15 Mègana tsi naɖɔ to tanye,
alo gogloƒe namim, eye ʋe globo natu eƒe nu ɖe dzinye o.
 
16 O! Yehowa, tɔ nam, le wò lɔlɔ̃ deto la ta,
eye trɔ ɖe ŋutinye le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta.
17 Mègaɣla wò mo ɖe wò dɔla o;
ke boŋ tɔ nam kaba, elabena meɖo xaxa me.
18 Te ɖe ŋunye, eye nàxɔ nam,
ɖem le nye ketɔwo ta.
 
19 Ènya ale si wodo vlom,
ɖi gbɔ̃m, eye wodo ŋu kpem;
nye futɔwo katã le ŋkuwò me.
20 Vlododo na nye dzi gbã,
eye mezu xɔnamemanɔsitɔ;
mekpɔ mɔ na babadoname,
gake ɖeke meli o.
Mekpɔ mɔ na akɔfalawo,
gake nyemekpɔ ɖeke o.
21 Wotsɔ veve de nye nuɖuɖu me,
eye esi tsikɔ wum la, wotsɔ aha tsitsi nam be mano.
 
22 Woƒe kplɔ̃ si woɖo na wo la nezu mɔ na wo;
nezu teƒeɖoɖo kple mɔ na wo.
23 Woƒe ŋkuwo dzi nedo viviti be,
womagate ŋu akpɔ nu o,
eye na woƒe dzi me naɖo kpo tegbee.
24 Trɔ wò dziku kɔ ɖe wo dzi,
eye nàna wò dɔmedzoe helĩhelĩ nalé wo.
25 Woƒe nɔƒe neɖi gbɔlo;
mègana be ame aɖeke neganɔ woƒe agbadɔwo me o.
26 Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome,
eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.
27 Bu fɔ wo, eye nàgabu fɔ wo ɖe edzi;
mègana woakpɔ gome le wò xɔname me o.
28 Tutu woƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽ la me,
eye mègana woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe
ame dzɔdzɔewo dome o.
 
29 Mele vevesese kple nuxaxa me;
O! Mawu, na wò xɔname natɔ kpɔ ƒo xlãm.
 
30 Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ,
eye madoe ɖe dzi kple akpedada.
31 Esia adze Yehowa ŋu wu nyi,
eye wòado dzidzɔ nɛ wu nyitsu
kple eƒe dzowo kpakple eƒe afɔkliwo.
32 Hiãtɔwo akpɔe ahatso aseye,
eye mi ame siwo dia Mawu la,
míaƒe dziwo nenɔ agbe ɖaa!
33 Yehowa ɖoa to hiãtɔwo,
eye medoa vlo eƒe ame siwo le aboyome o.
 
34 Dziƒo kple anyigba nekafui,
atsiaƒuwo kple nu siwo katã ʋãna le wo me,
35 elabena Mawu aɖe Zion,
eye wòagbugbɔ Yuda ƒe duwo atso.
Ekema amewo aɖanɔ afi ma, axɔe wòazu wo tɔ;
36 eƒe dɔlawo ƒe viwo atsɔe anyi domee,
eye ame siwo lɔ̃ eƒe ŋkɔ la anɔ afi ma.