Psalmo 85
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la.
O! Yehowa, èɖe amenuveve fia wò anyigba;
ègaɖo Yakob ƒe nunyonamewo te.
Ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada kee,
eye nètsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo katã dzi.
Sela
Èɖe asi le wò dzikudodo helĩhelĩ ŋuti
eye nèdzudzɔ dɔmedzoe kaɖikaɖi dodo.
 
O! Mawu, míaƒe Ɖela, gaɖo mí te,
míaƒe nu meganɔ dzi kum na wò o.
Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa?
Ɖe nàdidi wò dɔmedzoe la
wòazɔ ato dzidzimewo katã mea?
Màgagbɔ agbe mí,
be wò dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?
O! Yehowa, ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la fia mí,
eye nàna wò xɔname mí.
 
Maɖo to ase nya si Yehowa Mawu agblɔ;
edo ŋutifafa ƒe ŋugbe na eƒe dukɔ,
eƒe ame kɔkɔewo, gake ɖeko mègana
woatrɔ ayi bometsitsi gbɔ o.
Vavã eƒe ɖeɖe tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ,
ale be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba dzi.
 
10 Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ do go wo nɔewo,
eye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa gbugbɔ nu na wo nɔewo.
11 Nuteƒewɔwɔ mie tso anyigba me,
eye dzɔdzɔenyenye do mo ɖa kpɔ anyigba tso dziƒo.
12 Yehowa ana nu si nyo la mí vavã,
eye míaƒe anyigba atse eƒe ku.
13 Dzɔdzɔenyenye le eŋgɔ,
eye wòle mɔ tam na eƒe afɔtoƒewo.