Psalmo 9
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “ŋutsuvi la ƒe ku” ƒe gbeɖiɖi nu.
Makafu wò, O! Yehowa,
kple nye dzi blibo,
maɖe wò nukunuwɔwɔwo katã afia.
Dzi adzɔm, eye matso aseye le mewò;
O Dziƒoʋĩtɔ, madzi kafukafuhawo na wò ŋkɔ.
 
Nye futɔwo trɔ megbe;
wokli nu, eye wo katã wotsrɔ̃ le ŋkuwò me.
Elabena wòe xɔ nye nya,
eye nèɖe nye dzɔdzɔenyenye ɖe go.
Ènɔ wò fiazikpui dzi, eye nèdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.
Èka mo na dukɔwo, eye nètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hetutu
woƒe ŋkɔwo ɖa tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
Tsɔtsrɔ̃ mavɔ va futɔ la dzi,
elabena èho woƒe duwo,
eye womagaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã akpɔ gbeɖe o.
 
Yehowa aɖu fia tegbetegbe;
eɖo eƒe fiazikpui anyi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.
Adrɔ̃ ʋɔnu xexea me le dzɔdzɔenyenye me;
akplɔ dukɔwo katã le nuteƒewɔwɔ me.
Yehowa nye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi
kple mɔ sesẽ le xaxaɣiwo.
10 Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo dzi ɖe ŋuwò,
elabena wò Yehowa,
megble ame siwo dia wò la ɖi kpɔ o.
 
11 Midzi kafukafuhawo na Yehowa,
ame si nɔ fiazikpui dzi gli le Zion,
miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
12 Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la,
ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.
 
13 O Yehowa, kpɔ ale si nye futɔwo le yonyeme tim ɖa!
Kpɔ nye nublanui, eye nàkɔm tso ku ƒe agbowo me,
14 be maɖe wò kafukafu afia le Zion Vinyɔnu ƒe agbowo me,
eye le afi ma matso aseye le ɖeɖe si nènam la ta.
 
15 Dukɔwo ge dze do si woawo ŋutɔ woɖe la me;
woƒe afɔwo ɖo ɖɔ si woawo ŋutɔ woɖo ɖi le bebeme la me.
16 Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me;
ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me.
Ŋugbledede.
Sela
17 Ame vɔ̃ɖiwo gbugbɔ yi yɔ me,
nenema kee nye dukɔ siwo ŋlɔ Mawu be.
18 Ke womaŋlɔ hiãtɔ be ɖikaa
alo ame si le fu kpem la, mɔkpɔkpɔ nabu ɖee o.
 
19 Tso, O Yehowa! Mègana amegbetɔ naɖu dzi o,
na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me.
20 O! Yehowa, ƒo wo ƒu anyi kple ŋɔdzi;
na dukɔwo nanya be amegbetɔwo yewonye.
Sela.