13
Abiya, Yuda fia
Abiya zu fia le Yuda le Fia Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadae nye Mikaya si nye Uriel tso Gibea ƒe vinyɔnu. Azɔ la, aʋa nɔ Abiya kple Yeroboam dome.
Abiya yi aʋa la me kple aʋawɔla sesẽ akpe alafa ene (400,000) eye Yeroboam hã va kpe aʋa kplii kple asrafoha sesẽ ame akpe alafa enyi (800,000). Esime Israel ƒe aʋakɔ la va ɖo Zemaraim to la gbɔ, le Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi la, Fia Abiya do ɣli gblɔ na Fia Yeroboam kple Israel ƒe aʋakɔ la bena, “Miɖo to! Ɖe mienya bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu, ka atam bena David ƒe dzidzimeviwo anye Israel fiawo tegbetegbee oa? Miaƒe fia Yeroboam la, David ƒe vi ƒe subɔla ko wònye eye wònye ame si de eƒe aƒetɔ asi. Yakamewo ƒe ha gã aɖe dze eyome eye wotsi tsitre ɖe Solomo ƒe vi, Rehoboam, ŋu elabena Rehoboam nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, vɔvɔ̃ ɖoe eye mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Ɖe miebu be yewoate ŋu aɖu Yehowa ƒe fiaɖuƒe si nu David ƒe dzidzimevi aɖe le la dzia? Miaƒe aʋakɔ lolo zi eve abe tɔnye ene gake sikanyivi siwo Yeroboam wɔ na mi heyɔ wo be miaƒe mawuwo eye wole mia si la zu fiƒode na mi. Gawu la, mienya Yehowa ƒe nunɔlawo kple Aron ƒe viwo kpakple Levitɔwo eye mietsɔ ame bubuwo ɖo nunɔlawoe ɖe wo teƒe. Mietsɔa ame sia ame si ko nya tsɔ nyitsu fɛ̃ kple agbo adre vɛ la ɖoa nunɔlae abe ale si dukɔ bubu me tɔwo wɔna ene. Ame sia ame ko ate ŋu anye nunɔla na miaƒe mawu siwo menye mawuwo kura o! 10 Ke míawo ya la, Yehowae nye míaƒe Mawu eye míegblee ɖi o. Aron ƒe dzidzimeviwo koe nyea míaƒe nunɔlawo eye Levitɔwo koe kpena ɖe wo ŋu le woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. 11 Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi 12 eya ta, mikpɔe ɖa, Mawu le mía dzi, eyae nye míaƒe Kplɔla. Eƒe nunɔlawo atsɔ kpẽkuku akplɔ mí míaho aʋa ɖe mia ŋu. Oo Israelviwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o elabena miate ŋu aɖu dzi o!”
13 Azɔ la, Yeroboam ɖo asrafowo ɖe Israel ƒe asrafowo megbe, ale be esime wònɔ Yuda ŋgɔ la, asrafo siwo de xa ɖi la nɔ Yuda megbe. 14 Yuda trɔ eye wòkpɔ be woho aʋa ɖe ye ŋu tso ŋgɔgbe kple megbe siaa. Tete wodo ɣli na Yehowa. Nunɔlaawo ku woƒe kpẽwo 15 eye Yuda ƒe viwo do aʋaɣli. Esi aʋaɣli la ɖi la, Mawu tsrɔ̃ Yeroboam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋkume. 16 Israelviwo si le Yuda ŋgɔ eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda ƒe viwo 17 eye Abiya kple eƒe dukɔ la wu Israel ƒe aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa atɔ̃ (500,000) gbe ma gbe.
18 Woɖu Israelviwo dzi gbe ma gbe. Yuda ƒe viwo ɖu dzi elabena woɖo ŋu ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu. 19 Abiya nya Yeroboam ɖe du nu eye wòxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Efrɔn kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la le esi. 20 Israel fia, Yeroboam megakpɔ ŋusẽ kpɔ le Abiya ƒe agbenɔɣi o eye mlɔeba la, Yehowa ƒoe ƒu anyi, wòku.
21 Yuda fia, Abiya, va kpɔ ŋusẽ gã ŋutɔ. Eɖe srɔ̃ wuiene eye viŋutsu blaeve-vɔ-eve kple vinyɔnu wuiade nɔ esi. 22 Woŋlɔ eƒe ŋutinya katã la ɖe Nyagblɔɖila Ido ƒe agbalẽ, Yuda ƒe Ŋutinya me.