32
Senakerib do ŋɔdzi na Yerusalem
Le nu siwo Hezekia wɔ anukwaretɔe vɔ megbe la, Asiria fia, Senakerib ho va dze Yuda dzi. Eɖe to ɖe du siwo woglã kple susu be, yeaxɔ wo na ye ɖokui. Esi eme kɔ ƒãa be Fia Senakerib ɖo ta me be yeaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu la, Hezekia wɔ takpekpe kple eƒe fiaviŋutsuwo kple eƒe aɖaŋudelawo. Woɖo be yewoaxe vudo siwo le dua godo. Wodi dɔwɔla geɖewo woxe vudoawo katã kple tɔsisi si si to agblewo me. Wobia be, “Nu ka ta Asiria fia ava eye wòakpɔ tsi ano?”
Emegbe la, Hezekia gbugbɔ teƒe siwo duawo ƒe gliwo gbã le la tu hegaglã teƒe bubuwo eye wògaɖo gli bubu ɖe gbãtɔ godo. Egbugbɔ Milo mɔ la glã le David ƒe Du la me eye wòwɔ aʋawɔnu kple akpoxɔnu geɖewo.
Eƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu eye wòɖo asrafomegãwo ɖe wo nu, heɖo wo ɖe gbadzaƒe si le dua ŋgɔ. Eƒo nu, de dzi ƒo na wo kple nya siawo be, “Misẽ ŋu, miawɔ kalẽ eye migavɔ̃ Asiria fia la alo eƒe aʋakɔ gã la o elabena ame aɖe le mía dzi si kpɔ ŋusẽ wui sãa! Aʋakɔ gã aɖe le esi, eƒe aʋawɔlawo katã nye amegbetɔwo ko, ke míawo ya la, Yehowa, míaƒe Mawu, le mía dzi eye wòawɔ míaƒe aʋa na mí.”
Le nu siawo megbe la Asiria fia Senakerib kple aʋakɔwo ɖe to ɖe Lakis du la, eye wòdɔ amewo ɖa be woagblɔ na Yuda fia Hezekia kple Yudatɔ siwo katã le afi ma be,
10 “Asiria fia Senakerib le biabiam be: Nu ka ŋu miele dzi ɖom ɖo be yewoate ŋu atsi agbe esi meɖe to ɖe Yerusalem dua? 11 Fia Hezekia le mia flum be, miawu mia ɖokuiwo le afi ma, dɔ kple tsikɔ awu mi miaku, le esime wòle ŋugbe dom na mi be, ‘Yehowa, mía Mawu la aɖe mí tso Asiria fia sime!’ 12 Ɖe mienya be Fia Hezekia tututue nye ame si ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Mide ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ma si le gbedoxɔ la me ŋu eye miado dzudzɔ le eya ɖeɖe ko dzi’ oa?
13 “Ɖe mienya nu si mía kple fofonyewo míewɔ anyigbadzidukɔwo katã oa? Dukɔ mawo ƒe mawuwo mete ŋu wɔ naneke heɖe woƒe anyigbawo o. 14 Dukɔ siawo ƒe mawuwo dometɔ kae te ŋu ɖe eƒe dukɔ tso nye asi me? Nu kae na miebu be miaƒe Mawu ya ate ŋu aɖe mi? 15 Migana Hezekia nana miazu abunɛtɔwo o! Migaxɔ edzi se o! Megale egblɔm be, dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖe eƒe amewo tso nye asi me loo alo tso tɔgbuinyewo ƒe asi me kpɔ o. Aleke miaƒe mawu ya ate ŋui?”
16 Ale ame dɔdɔ la ɖe alɔme le Yehowa Mawu kple Mawu ƒe dɔla Hezekia ŋu eye wòdzu wo. 17 Fia Senakerib ŋlɔ agbalẽ hã eye wòdo vlo Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me be, “Dukɔ bubuwo katã ƒe mawuwo mete ŋu ɖe woƒe amewo tso nye asi me o, eye Hezekia ƒe Mawu hã mate ŋui o.” 18 Dɔla siwo tsɔ agbalẽa vɛ la do ɣli gblɔ ŋɔdzidonamenyawo le Yuda gbe me na ame siwo ƒo ƒu ɖe dua ƒe gliwo dzi eye wodi be yewoado vɔvɔ̃ na wo, ana dzi naɖe le wo ƒo. 19 Dɔla siawo ƒo nu tso Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ɖe wòle abe trɔ̃subɔlawo ƒe mawu, siwo nye legba siwo amegbetɔ wɔ la dometɔ ɖeka ene!
20 Ale Fia Hezekia kple Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, do ɣli, ɖe kuku na Mawu le dziƒo 21 eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma. 22 Ale Yehowa ɖe Fia Hezekia kple Yerusalemtɔwo eye azɔ la, ŋutifafa nɔ fiaɖuƒe blibo la me.
23 Tso ɣe ma ɣi dzi la, dukɔ siwo ƒo xlã wo la, bua Hezekia vevie eye nunana geɖewo na Yehowa kple nunana tɔxɛwo na Hezekia hã va ɖo Yerusalem.
Hezekia ƒe dada, dzidzedzekpɔkpɔ kple ku
24 Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ vevie eye wòɖo kudo nu. Edo gbe ɖa na Yehowa, ame si ɖo gbedodoɖa la ŋu nɛ hena nukudzesi aɖee. 25 Ke dada nɔ Hezekia ƒe dzi me eye metsɔ ɖeke le dɔmenyo si Yehowa wɔ nɛ la me o eya ta Yehowa ƒe dziku nɔ eya amea, Yuda kple Yerusalem dzi. 26 Tete dada si nɔ Hezekia ƒe dzi me la vee eye wòtrɔ dzi me. Yerusalem nɔlawo hã wɔ nenema ke, eya ta Yehowa ƒe dziku la mebi ɖe wo ŋu le Hezekia ƒe ŋkekewo me o.
27 Ale Hezekia zu kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe, etu nudzraɖoƒewo na eƒe klosalo, sika kple kpe xɔasiwo, atike ʋeʋĩwo, akpoxɔnuwo kple sikatrewo. 28 Etu avawo be yeadzra bli, wain yeye kple ami ɖo ɖe wo me eye wògatu lãkpowo hã. 29 Etso kɔƒewo eye lãha gãwo sɔ gbɔ ɖe esi elabena Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔ woe. 30 Exe Gihon tɔsisi la ƒe Dzigbetɔʋu la ƒe nugbɔ eye wòɖe tɔʋu aɖe na tsi la be wòatsa ayi David ƒe Du la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yerusalem.
31 Ke esi ame dɔdɔwo tso Babilonia va be, yewoabia nu tso ale si wòhaya nukutɔe ŋu la, Mawu gbugbɔ le eyome sẽe be yeadoe akpɔ eye yeanya ame si tɔgbi tututu wònye.
32 Woŋlɔ Hezekia ŋutinya mamlɛa kple dɔ nyui siwo katã wòwɔ la ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi ƒe agbalẽ kple Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. 33 Esi Hezekia ku la, woɖii ɖe fia David ƒe dzidzimeviwo wo ƒe yɔdowo gbɔ le togbɛ la ŋu. Yuda kple Yerusalem blibo la de bubu eŋu le eƒe ku me. Via ŋutsu Manase zu fia ɖe eteƒe.