5
Ŋutifafa kple mɔkpɔkpɔ
Eya ta esi wotso afia na mí to xɔse me la, ŋutifafa le mí kple Mawu dome to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, ame si me mɔnukpɔkpɔ su mía si le to xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ si me míetsia tsitre ɖo la. Eye míeƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.
Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, eye kelili dzia mɔkpɔkpɔ. Ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wona mí la me.
Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la, Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta. Elabena asesẽ hafi ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta, ke ame nyui la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eta. Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be: Esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me la, woaɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe me to eya amea me! 10 Elabena esi míenye Mawu ƒe futɔwo tsã, eye míewɔ ɖeka kple Mawu to Via ƒe ku me la, míakpɔ ɖeɖe wu to eƒe agbe me.
11 Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le Mawu me hã, to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, ame si me míewɔ ɖeka kple Mawu le azɔ.
Ku va to Adam dzi, agbe va to Kristo dzi
12 Eya ta ale si nu vɔ̃ va xexea me to ame ɖeka dzi, eye ku va to nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nenema ke ku va amewo katã dzi, elabena wo katã wɔ nu vɔ̃.
13 Nu vɔ̃ le xexea me hafi se la va, gake womebua nu vɔ̃ na ame aɖeke ne se meli o. 14 Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu.
15 Gake ale si vodada li la, menye nenema kee nye amenuveve ƒe nunana hã o; elabena ne ame geɖewo ku ɖe ame ɖeka ƒe vodada ta la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana si va to Yesu Kristo ƒe amenuveve me la sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi. 16 Eye menye ame ɖeka si wɔ nu vɔ̃ la ta Mawu ƒe nunana la va ɖo o; elabena fɔbubu va to ʋɔnudɔdrɔ̃ ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ me, ke wotso afia na ame geɖewo to amenuveve la me. 17 Elabena nenye be to ame ɖeka ƒe vodada me ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la, ekema ame siwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe wu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi.
18 Eya ta ale si to vodada ɖeka me fɔbubu va amewo katã dzi la, nenema ke agbe ƒe afiatsotso va na amewo katã to nu dzɔdzɔe ɖeka wɔwɔ me. 19 Elabena ale si to ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo me ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me la, woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo.
20 Se la va bena vodada la nasɔ gbɔ ɖe edzi. Gake afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ ɖe edzi wu, 21 be ale si nu vɔ̃ ɖu fia le ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fia to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ dzi.