21
Yerusalem yeye la
Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi, eye atsiaƒu aɖeke hã megali o. Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene. Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu. Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi.”
Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ be, “Mele nuwo katã wɔm yeyee!” Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo, eye wonye nyateƒenyawo hã.”
Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye Alfa kple Omega, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me femaxee. Ame si ɖu dzi la, anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye, gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”
Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia ŋugbetɔ si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò.” 10 Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam. 11 Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi aɖe ene, eye wòle abe yaspakpe ene, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene. 12 Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, eye woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe gli la me, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi. 13 Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le dziehe, eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe. 14 Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na du la ƒe gliwo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
15 Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanudzidzenu ɖe asi be yeadzidze du la, eƒe agbowo kple eƒe gliwo. 16 Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la, eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilomita akpe eve kple alafa eve (2,200). 17 Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le mita blaade-vɔ-atɔ̃. 18 Wotsɔ yaspakpe xɔasi ɖo gli lae, eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhɔ̃e ene la tso du lae. 19 Wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na dua ƒe gli ƒe gɔmeɖokpee. Yaspakpe nye fli gbãtɔ, wotsɔ safirkpe ɖo fli eveliae, fli etɔ̃lia nye kalkedonikpe, fli enelia nye emeraldkpe; 20 woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekɛlia nye topazkpe, ewolia nye krisoprasekpe, wuiɖekɛlia nye yakintkpe, eye wuievelia nye ametistkpe. 21 Agbo wuieveawo nye kpe xɔasi wuieve, eye wowɔ agbo ɖe sia ɖe kple kpe xɔasi ɖeka. Wowɔ dumɔ gã la kple sika akuakua, eye eme dza abe ahuhɔ̃e ene.
22 Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. 23 Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi. 24 Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu, eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe eme. 25 Eƒe agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa, elabena zã mado le afi ma o. 26 Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava eme. 27 Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o; nenema kee nye ŋunyɔnuwɔlawo kple ameblelawo hã, negbe ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽ la me koe age ɖe eme.