15
Mawu ɖe fia le Saul dzi
Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be, “Meɖo wò fiae ɖe Israel dzi elabena Yehowa gblɔ nam be maɖo wò Israel Fiae. Azɔ la, ele be nàɖo toe. Se si wòde na wò lae nye: ‘Meɖo ta me be mabia hlɔ̃ Amalekitɔwo le ale si womeɖe mɔ na nye dukɔ be wòato woƒe anyigba dzi esime Israelviwo tso Egipte o la ta. Eya ta yi nàtsrɔ̃ Amalek dukɔ blibo la, ŋutsuwo, nyɔnuwo, vidzĩwo, ɖeviwo, nyiwo, alẽwo, kposɔwo kple tedziwo!’ ”
Ale Saul ƒo ƒu eƒe aʋakɔ nu ɖe Telaim. Aʋawɔlawo de ame akpe alafa eve (200,000) kpe ɖe ame akpe ewo (10,000) siwo tso Yuda la ŋu, eye Saul kple eƒe amewo de xa ɖe balime ɖe Amalekitɔwo ŋu. Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be woado le Amalekitɔwo dome, ne menye nenema o la, woaku kple Amalekitɔwo. Eɖe nya me na wo be, “Elabena mieve Israel nu esime wògbɔna tso Egiptenyigba dzi.” Ale Kenitɔwo dzo le Amalekitɔwo dome.
Saul si Amalekitɔwo tso Havila yi keke Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Elé Agag, Amalekitɔwo ƒe fia eye wòwu ame mamlɛawo katã. Saul kple eƒe amewo ɖe Agag ƒe agbe eye wotsɔ alẽ kple nyi gãtɔwo, alẽvi damitɔwo kple nu sia nu si nyo na wo la na wo ɖokui. Nu siwo ŋu asixɔxɔ boo mele o la, koe wotsrɔ̃.
10 Nu sia na Yehowa gblɔ na Samuel be, 11 “Evem ŋutɔ be meɖo Saul fiae elabena egagbe toɖoɖom.” Nya siawo wɔ dɔ ɖe Samuel dzi ŋutɔ eya ta wòfa avi na Yehowa to zã blibo la me.
12 Le ŋdi kanya la, eyi ɖadi Saul; ame aɖe gblɔ nɛ be, “Saul yi Karmel to dzi afi si wòtu ŋkuɖodzikpe aɖe ɖo na eɖokui eye wòtso eme yi Gilgal.”
13 Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!”
14 Ke Samuel biae be, “Ekema nu kae nye alẽ kple nyi siwo ƒe xɔxlɔ̃ sem mele?”
15 Saul ʋu eme be, “Nyateƒe, nye aʋawɔlawo mewu alẽ kple nyi damiawo o, ke wotsɔ wo gbɔe be yewoasa vɔe na Yehowa, wò Mawu la ke míetsrɔ̃ nu bubu ɖe sia ɖe.”
16 Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖo to nàse nu si Yehowa gblɔ nam zã si va yi la me!”
Saul bia be, “Nya kae wògblɔ?”
17 Samuel gblɔ nɛ be, “Togbɔ be mèbu ɖokuiwò amegãe o hã la, Mawu ɖo wò fiae ɖe Israel dzi. 18 Ede dɔ aɖe asi na wò eye wògblɔ na wò be, ‘Yi, nàtsrɔ̃ Amalekitɔwo, nu vɔ̃ wɔlawo, keŋkeŋ.’ 19 Ekema nu ka ta mèwɔ Yehowa ƒe ɖoɖo dzi o? Nu ka ta nèha nuwo eye nèwɔ nu si tututu Yehowa de se na wò be mègawɔ o?”
20 Saul gasẽ nu be, “Mewɔ Yehowa ƒe gbe dzi, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ, melé Fia Agag vɛ, gake mewu ame mamlɛawo katã. 21 Nye aʋawɔlawo bia mɔm eye meɖe mɔ na wo be woatsɔ alẽwo, nyiwo kple nu siwo dze wo ŋu la hena vɔsasa na Yehowa wò Mawu la le Gilgal.”
22 Samuel ɖo eŋu be,
“Ɖe wò numevɔsawo
kple vɔsawo dzea Yehowa ŋu wu
toɖoɖo Yehowa ƒe gbea?
Toɖoɖo nyo wu vɔsa
eye nusese nyo wu agbowo ƒe ami.
23 Elabena aglãdzedze le abe afakaka ƒe nu vɔ̃ ene
eye ɖokuiŋudzedze sɔ
kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ɖi nyenye.
Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la,
eya hã gbe wò; mèganye fia o.”
24 Saul lɔ̃ mlɔeba be, “Mewɔ nu vɔ̃, ɛ̃, megbe toɖoɖo wò eye nyemewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi o elabena mevɔ̃ ameawo eye mewɔ nu si wobia. 25 Oo, meɖe kuku, tsɔ nye nu vɔ̃ kem azɔ eye nàkplɔm yi, maɖasubɔ Yehowa.”
26 Ke Samuel ɖo eŋu be, “Viɖe aɖeke mele eme o, esi nègbe Yehowa ƒe ɖoɖowo ta la, eya hã gbe wò; màganye Israel Fia o!”
27 Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé Samuel ƒe awu ʋlaya toga eye awu la vuvu piã! 28 Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò. 29 Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!”
30 Saul gaɖe kuku be, “Mewɔ nu vɔ̃ gake de bubu ŋunye le kplɔlawo kple Israel ŋkume ko eye nàkplɔm mayi aɖasubɔ Yehowa, wò Mawu la.” 31 Ale Samuel gbugbɔ yi kple Saul eye Saul subɔ Yehowa.
32 Samuel gblɔ be, “Kplɔ Amalekitɔwo ƒe fia Agag vɛ nam.”
Agag va do kple alɔgbɔnukoko elabena egblɔ be, “Meka ɖe edzi be woana matsi agbe azɔ!”
33 Ke Samuel gblɔ nɛ be,
“Abe ale si wò yi wu ame geɖewo eye wo dadawo zu konɔwo ene la
nenema kee dawò hã azu konɔ le nyɔnuwo dome.”
Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le Yehowa ŋkume le Gilgal.
34 Samuel trɔ yi aƒe le Rama eye Saul hã trɔ yi Gibea. 35 Samuel megakpɔ Saul kpɔ gbeɖe o, ke exaa nu ɖe eta ɣe sia ɣi, eye wòve Yehowa be yeɖo Saul fiae na Israel.