17
David kple Goliat
Azɔ la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔ nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye wova ƒo ƒu ɖe Soko le Yuda. Woƒu asaɖa anyi ɖe Efes Damim le Soko kple Azeka dome. Saul kple Israelviwo hã ƒo ƒu, woƒu asaɖa anyi ɖe Ela balime eye wodze aʋalɔgowo ɖe Filistitɔwo ŋu. Ale Filistitɔwo kple Israelviwo nɔ to eve dzi dze ŋgɔ wo nɔewo eye balime la tso wo dome.
Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃. Eɖɔ akɔbligakuku eye wòkpla akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli si ƒe kpekpeme nye kilogram blaatɔ̃-vɔ-adre. Edo akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli la ɖe afɔ eye wòlé akɔbli ƒe akplɔ didi aɖe ɖe abɔta. Eƒe akplɔti le abe abaladoti ene eye wowɔ akplɔ si le enu la kple gayibɔ si ƒe kpekpeme anye kilogram adre. Eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ eŋgɔ.
Goliat tsi tsitre eye wòdo ɣli ɖo ɖe Israelviwo ƒe aʋalɔgowo be, “Nu ka ŋutie miedo go va ɖo fli hena aʋawɔwɔ? Ɖe menye Filistitɔe menye eye miawo hã míenye Saul ƒe dɔlawo oa? Mitia ŋutsu ɖeka eye miana wòava do gom le balia me Ne ete ŋu wɔ aʋa kplim eye wòwum la, míanye miaƒe subɔlawo, gake ne meɖu edzi eye mewui la, ekema miawo hã miazu míaƒe subɔlawo.” 10 Tete Filistitɔ la yi edzi be, “Egbe meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu! Miɖe ŋutsu ɖeka nam ne nye kplii míawɔ aʋa.” 11 Esi Saul kple Israel blibo la se nya siwo Filistitɔ la gblɔ la, dzi ɖe le wo ƒo eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ.
12 Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe. 13 Yese viŋutsu tsitsitɔ etɔ̃ kplɔ Saul ɖo yi aʋa. Gbãtɔ ŋkɔe nye Eliab, evelia ŋkɔe nye Abinadab eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Sama. 14 David nye viŋutsuvi suetɔ. Esime nɔvia tsitsitɔ etɔ̃awo nɔ Saul ƒe aʋakɔ la me la, 15 David dzona le Saul gbɔ enuenu heyina Betlehem ɖakpɔa fofoa ƒe alẽwo dzi. 16 Goliat, Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu la tsia tsitre ɖe Israelʋakɔ la ŋkume geditɔe ŋdi kple fiẽ ŋkeke blaene sɔŋ.
17 Azɔ la, Yese gblɔ na Via ŋutsu David be, “Tsɔ bli tɔtɔe agba ɖeka sia, si de kilogram wuiade kple abolo ewo siawo eye nàɖe abla atsɔ wo ayi na nɔviwòwo le woƒe asaɖa la me. 18 Tsɔ notsi babla lalã ewo yi na woƒe aʋalɔgoa ƒe amegã, bia nɔviwòwo ƒe agbe ta se eye nàxɔ gbe tso wo gbɔ vɛ nam. 19 Wole Saul kple Israel ŋutsuwo dome le Ela balime me le aʋa wɔm kple Filistitɔwo.”
20 David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo. 21 Israelviwo kple Filistitɔwo nɔ woƒe aʋalɔgowo me hedze ŋgɔ wo nɔewo. 22 David gblẽ eƒe nuwo ɖe aʋawɔnuwo dzikpɔla gbɔ heƒu du yi ɖe aʋaŋgɔ eye wòdo gbe na nɔviawo. 23 Esi wònɔ nu ƒom kple nɔviawo la, Goliat, Filistitɔwo ƒe aʋakalẽ si tso Gat la do go ɖe ŋgɔgbe le eƒe aʋakɔwo ŋgɔ eye wòdo ɣli gblɔ alɔmeɖenya ma ke. David see. 24 Esi Israelviwo kpɔe ko la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi sisi me.
25 Azɔ la, Israelviwo nɔ gbɔgblɔm be, “Miekpɔ ale si ŋutsu sia le dodom ɖe ŋgɔ edziedzia? Edona be yeaɖe alɔme le Israel ŋu. Fia la ana kesinɔnu gã aɖe ame si awui, woatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe eye woana be fofoa ƒe ƒometɔwo magaxe duga le Israel o.”
26 David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?”
27 Woawo hã gagblɔ nya siwo wogblɔ tsã va yi. Wogblɔ nɛ be, “Nu siae woawɔ na ame si awui.”
28 Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.”
29 David biae be, “Azɔ la agɔ kae medze? Nyemekpɔ mɔ aƒo nu tete oa?” 30 David zɔ yi ame bubu gbɔ, bia nya ma kee eye wòna ŋuɖoɖo ma kee abe tsãtɔ ene. 31 Wose nya si David gblɔ eye woyi ɖagblɔe na Saul. Tete Saul dɔ ame ɖa woɖayɔe va egbɔe.
32 David gblɔ na Saul be, “Dzi megaɖe le ame aɖeke ƒo le Filistitɔ sia ta o. Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kplii.”
33 Saul ɖo eŋu nɛ be, “Màte ŋu ayi ado go kple Filistitɔ sia, awɔ aʋa kplii o. Wò la ɖevi ko nènye ke eya le aʋa wɔm tso eƒe ɖekakpuime ke.”
34 Gake David gblɔ na Saul be, “Wò dɔla nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm. Ne dzata alo sisiblisi va eye wòlé alẽ le alẽha la me la, 35 metia eyome ƒonɛ ƒua anyi heɖea alẽ la le eƒe nu me. Ke ne etrɔ ɖe ŋutinye la, meléa eƒe kɔdza ƒonɛ kple kpo hewunɛ. 36 Wò dɔla wu dzata kple sisiblisi eya ta anɔ na Filistitɔ bolotɔ sia hã abe woawo ke ene elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu. 37 Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!”
38 Ale Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe aʋawɔwu si ŋu akpoxɔnuwo le la do nɛ eye wòtsɔ kuku si wowɔ kple akɔbli la ɖɔ ɖe ta nɛ. 39 David do gawu la, ɖɔ akɔblikuku la eye wòta yi ɖe gawu la dzi. Eɖe afɔ ɖeka, eve be yeate zɔzɔ le awuawo me kpɔ elabena medo wo kpɔ o. Egblɔ na Saul be, “Nyemate ŋu ayi kple nu siawo o elabena wo dodo memam o.” Ale David ɖe nuawo da ɖi eye wòdze mɔ. 40 Tete wòtsɔ eƒe atizɔti ɖe asi eye wotia kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ tso tɔʋu la me hetsɔ wo de alẽkplɔlawo ƒe akplo me eye wòtsɔ eƒe aŋetu ɖe asi hezɔ ɖe Filistitɔ la dzi.
41 Goliat, Filistitɔ la zɔ ɖo ta David gbɔ, eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ ŋgɔ nɛ. 42 Ekpɔ David ɖa eye wòkpɔ be ɖevi dzaa aɖe ko wònye, ele kpokploe eye wòdze ɖeka, eya ta wòdo vloe. 43 Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David. 44 Eyi edzi gblɔ be. “Te va afi sia eye matsɔ wò lã ana dziƒoxeviwo kple gbemelãwo!”
45 David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, “Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me. 46 Egbe la, Yehowa atsɔ wò ade asi nam, maƒo wò aƒu anyi, atso ta le nuwò. Egbe la, matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo ƒe kukua ana dziƒoxeviwo kple anyigbadzilãwo, ekema xexea me katã anyae be Mawu aɖe le Israel. 47 Ale ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia la woanyae be menye yi alo akplɔ Yehowa tsɔna ɖea ame o, elabena aʋa la nye Yehowa tɔ eye wòatsɔ mi katã ade mía si me.”
48 Esi Filistitɔ la gbɔna be yeadze David dzi la, David zɔ kaba yi be yeakpe aʋa kplii. 49 Eƒo asi ɖe eƒe alẽkplɔgolo la me, tsɔ kpe ɖeka de eƒe aŋetu la me eye wòdae. Kpe la dze Goliat, Filistitɔ la ƒe ŋgonu sesĩe eye wòŋɔe ge ɖe eme. Goliat mu dze anyi gbloo hetsyɔ mo anyi.
50 Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple aŋetu kple kpe ɖeka, yi menɔ esi o gake ekpe le Filistitɔ la dzi eye wòwui.
51 David ƒu du yi ɖe Filistitɔ la gbɔ, eɖe Goliat ŋutɔ ƒe yi le aku me eye wòwui hetso ta le enu.
Esi Filistitɔwo kpɔ be yewoƒe kalẽtɔ la ku la, wotrɔ megbe eye wosi dzo. 52 Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke. 53 Israelviwo trɔ le Filistitɔwo yome eye wova ha nuwo le woƒe asaɖa me.
54 David tsɔ Filistitɔ la ƒe ta eye wòtsɔe yi Yerusalem ke etsɔ Filistitɔ la ƒe aʋawɔnuwo da ɖe eya ŋutɔ ƒe agbadɔ me.
55 Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?”
Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”
56 Fia Saul gblɔ nɛ be, “Bia ame si ɖekakpui sia fofo nye la ta nam.”
57 Esi David trɔ tso Filistitɔ la wuƒe gbɔ teti ko la Abner kplɔe va Fia Saul gbɔe le esime Filistitɔ la ƒe ta ganɔ David si ko.
58 Saul bia David be, “Ɖekakpui, ame ka vie nenye?”
David ɖo eŋu be, “Wò dɔla, Yese, si tso Betlehem la vie menye.”