24
David kpɔ nublanui na Saul
Esi Saul wɔ aʋa kple Filistitɔwo eye wòtrɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ be David yi gbedzi le En Gedi. Saul kplɔ asrafo tɔxɛ akpe etɔ̃ ɖe asi tso Israel eye wòyi ɖadi David le agakpewo dome le En Gedi gbedzi. Saul yi ɖe agado aɖe le afi si mɔ la to alẽkpo aɖewo dome le la me be yeade afɔdzi, sigbeɖe, David kple eƒe aʋawɔlawo be ɖe agado ma ke me!
David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to! Ke eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe nɛ me.
Egblɔ na eƒe amewo be, “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be mawɔ nenem nu vɔ̃ ma ɖe nye aƒetɔ si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.”
David ka mo na eƒe amewo kple nya siawo eye meɖe mɔ na wo wowu Saul o. Ale Saul do go le agado la me eye wòdzo. Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi.
David do ɣli na Saul be, “Nu ka ta nèle to ɖom ame siwo le gbɔgblɔm na wò be, David ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuvevi wò? 10 Wò ŋutɔ èkpɔe kple wò ŋkuwo le egbeŋkeke sia dzi ale si Yehowa tsɔ wò de asi nam le agadoa me eye nye ame aɖewo ƒoe ɖe nunye be mawu wò, gake meɖe wò agbe elabena megblɔ be, ‘Nyemakɔ nye asi dzi ɖe nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiaminae wònye.’ 11 Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa.
12 “Yehowa nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome eye Yehowa neɖo vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò. Ke nye ya nye asi maka ŋutiwò o. 13 Lododo xoxo aɖe gblɔ be, ‘Nu vɔ̃ɖi doa go tsoa ame vɔ̃ɖiwo me.’
14 “Ame ka ŋutie Israel fia do go ɖo? Ame ka yome tim nèle? Avu kukua? Alo axɔ̃ ɖeka ŋua? 15 Yehowa ŋutɔ nanye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la eye wòadrɔ̃ nya le mía dome. Yehowa nebu nye nya ŋu eye wòaʋli tanye, neɖem tso asiwò me, esia anye afiatsotso nam.”
16 Esi David wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Saul biae be, “Wò gbee nye ema, vinye David?” Ale wòwo avi sesĩe. 17 Egblɔ na David be, “Ènye ame dzɔdzɔe wum. Èwɔ nyui nam le esime nye ya mewɔ vɔ̃ ɖe ŋutiwò. 18 Ègblɔ nyui si nèwɔ nam la fifi laa. Yehowa tsɔm de asiwò me, gake mèwum o. 19 Ne ame aɖe do go eƒe futɔ la, ɖe wòɖea asi le eŋu wòdzona nuvevimawɔmawɔea? Yehowa neɖo nyui sia teƒe na wò geɖe, ɖe nu si nèwɔ nam egbea la ta. 20 Azɔ la medze sii be èle fia ɖu ge kokoko eye Israel fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò me. 21 Le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ka atam nam bena ne nu sia va eme la, màwu nye ƒometɔwo eye màtsrɔ̃ nye dzidzimeviwo o!”
22 Ale David ka atam la na Saul. Tete Saul trɔ dzo yi aƒe me ke David kple eƒe ameawo gbugbɔ yi mɔ sesẽ la me.