27
David le Filistitɔwo dome
Ale David nɔ bubum le eɖokui me be, “Gbe ɖeka la, Saul ƒe asi asu dzinye. Mate Filistitɔwo domenɔnɔ kpɔ va se ɖe esime Saul nadzudzɔ yonyemetiti. Ekema maganɔ dedie.”
Ale David kple ame alafa ade (600) siwo le eŋu la dzo heyi Akis, Mayok vi, Gat fia, gbɔ. David kple eƒe amewo nɔ Gat le fia Akis gbɔ. Ame sia ame kplɔ eƒe aƒemetɔwo ɖe asi eye David hã kplɔ srɔ̃a eveawo: Ahinoam tso Yezreel kple Abigail tso Karmel, ame si nye Nabal ƒe ahosi la ɖe asi. Esi Saul se be David si yi Gat la, edzudzɔ eyometiti.
Gbe ɖeka David gblɔ na Akis be, “Nye aƒetɔ, ne anyo na wò la, ekema nàna míanɔ du sue aɖe me ke menye fiadua me le afii o.”
Ale Fia Akis tsɔ Ziklag na David eye wòzu Yuda fia ƒe du va se ɖe egbe. David kple eƒe amewo nɔ Ziklag le Filistitɔwo dome, ƒe ɖeka kple ɣleti ene. Wonɔa Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo, ame siwo nɔ Sur gbɔ le Egipte mɔ dzi tso gbe aɖe gbe ke la ham. Womenana ame aɖeke tsia agbe le du siwo dzi wodzena la me o. Wohaa woƒe alẽwo, nyiwo, tedziwo, kposɔwo kple nudodowo hafi trɔ va Akis.
10 Akis biaa David be, “Afi ka tɔwo dzi miedze egbea?”
David ɖoa eŋu be, “Míedze ame siwo le Yuda ƒe anyigbeme kple Yerameeltɔwo kple Kenitɔwo dzi.”
11 David mena ŋutsu alo nyɔnu aɖeke tsia agbe o, elabena ebu be, ne yekplɔ wo va Gat la, woava ƒo nu le yewo ŋu agblɔ be, “Ale kple ale David wɔ enye esi.” Nu sia dzɔna edziedzi esi wònɔ Filistitɔwo dome. 12 Fia Akis xɔ David dzi se eye wòbu be Israelviwo alé fui azɔ. Fia la bu be, “Azɔ la, atsi afi sia eye wòasubɔm tegbetegbe.”