9
Saul yi Samuel gbɔ
Kis nye kesinɔtɔ kple bubume aɖe tso Benyamin ƒe to la me. Fofoae nye Abiel, ame si nye Zeror vi, ame si nye Bekorat vi, ame si hã nye Afia vi. Saul nye Kis ƒe viŋutsu eye wònye ɖekakpui dzeɖekɛtɔ le Israel. Ekɔ wu ame sia ame le anyigba la dzi ale be ame kɔkɔtɔ siwo kplɔe ɖo la se abɔta ko nɛ.
Gbe ɖeka Kis ƒe tedziwo bu eya ta wòɖo Saul kple subɔla aɖe ɖa be woayi aɖadi wo vɛ. Wotsa le afi sia afi le Efraim ƒe tonyigba la dzi kple Salisa nyigba kple Salim nuto me kple Benyamin ƒe anyigba blibo la dzi gake womete ŋu kpɔ wo o. Esi wogadi wo le Zuf nyigba la hã dzi la, Saul gblɔ na subɔla la be, “Na míayi aƒe me elabena fifia la, fofonye atsi dzi ɖe míawo ŋu wu tedziawo ŋu!”
Ke subɔla la gblɔ nɛ be, “Meɖo ŋku nane dzi! Nyagblɔɖila aɖe le du sia me, ame sia ame bunɛ eye woxɔa edzi sena elabena nya sia nya si wògblɔna la vaa eme. Na míayi aɖadii, ɖewohĩ afia afi si tedziawo le la mí.”
Saul ɖo eŋu be, “Naneke mele mía si míatsɔ axe fe nɛ o, nuɖuɖu gɔ̃ hã vɔ le mía si eye naneke kura meli míatsɔ nɛ o.”
Subɔla la gblɔ be, “Klosaloga si ƒe kpekpeme nye gram etɔ̃ la le asinye. Míatsɔe na Mawu ƒe ame la, ale be wòagblɔ mɔ si míato la na mí.”
Tsã ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna be, “Mina míayi nukpɔla gbɔ,” elabena ame si woyɔna fifia be nyagblɔɖila, eyae woyɔna tsã be nukpɔla. 10 Esi wonɔ togbɛ aɖe liam ɖo ta dua me la, wodo go ɖetugbi aɖewo woyina tsi du ge. Wobia ɖetugbiawo be wonya ne nyagblɔɖila la le dua me hã. 11 Le ŋkeke mawo me la, woyɔa nyagblɔɖilawo be nukpɔlawo eya ta amewo gblɔna, be “Mina míayi aɖabia nukpɔla la” eye menye “Mina míayi aɖabia nyagblɔɖila la” abe ale si míegblɔna egbe ene o.
12 Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, ele afi sia. Edze mia ŋgɔ. Afɔ netsɔ na mi. Eva míaƒe dua me egbea elabena dukɔ la le vɔ sa ge le to dzi egbea. 13 Ne mieɖo dua me teti ko la, miakpɔe hafi wòava ayi nuɖuƒe le toa dzi; elabena ameawo alala wòava ayra vɔsanuawo hafi ame siwo wokpe la naɖui. Eya ta miyi fifia, miakpɔe godoo le ɣeyiɣi sia me.”
14 Ale woyi dua me eye esi woɖo agboa nu tututu ko la, wokpɔ Samuel, wòyina ɖe toa dzi. 15 Do ŋgɔ la, Yehowa gblɔ na Samuel be, 16 “Le etsɔ si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi la, maɖo ame aɖe ɖe wò tso Benyamin ƒe anyigba dzi. Si ami nɛ ne wòazu Israelviwo ƒe kplɔla. Eyae aɖe wo tso Filistitɔwo si me elabena mekpɔ nublanui na wo eye mese woƒe ɣlidodo.”
17 Esi Samuel kpɔ Saul ko la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Ame siae nye ame si ƒe nya megblɔ na wò, eyae aɖu fia ɖe Israelviwo dzi.”
18 Saul te ɖe Samuel ŋu eye wòbiae be, “Meɖe kuku, nukpɔla ƒe aƒe me ɖe?”
19 Enumake Samuel ɖo eŋu be, “Nyee nye nukpɔla la! Dze ŋgɔ nàyi toa dzi eye míaɖu nu ɖekae le afi ma. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu si nèdi be yeanya la na wò eye mado mɔ wò. 20 Mègatsi dzi le tedzi siwo bu ŋkeke etɔ̃e nye esi la ŋu kura o elabena wokpɔ wo xoxo. Ke Israel ƒe kesinɔnuwo katã zu tɔwò azɔ!”
21 Saul ɖo eŋu be, “Amegã, nya ka gblɔm nèle? Benyamin ƒe to si nye to suetɔ kekeake le Israel la mee metso eye nye ƒome hãe nye ƒome gblɔetɔ kekeake le to la me! Ame bubue nàgblɔ nya siawo na hafi!”
22 Samuel kple Saul kple subɔla la yi xɔ gã la me eye wòna nɔƒe wo ɖe kplɔ̃ ta. Wode bubu wo ŋu wu ame blaetɔ̃ bubu siwo wokpe. 23 Samuel gblɔ na nuɖuɖudzikpɔla la be, “Tsɔ lãkɔ damitɔ si mede asi na wò be nadzra ɖo nam la vɛ nam.”
24 Ale nuɖuɖudzikpɔla la tsɔe va da ɖe Saul ƒe akɔme. Samuel gblɔ na Saul be, “Ɖu nu nam elabena wò tututue medzra nuɖuɖu sia ɖo na hafi mekpe ame bubuawo gɔ̃ hã!” Ale Saul ɖu nu kple Samuel.
25 Esi wotrɔ va dua me le nuɖuɖua megbe la, Samuel kplɔ Saul yi eƒe xɔta ƒe gbadzaƒe eye woɖo dze le afi ma. 26 Le ŋufɔke ƒe ŋdi kanya la, Samuel yɔ Saul le xɔta eye wògblɔ nɛ be, “Dzra ɖo na mɔzɔzɔ.” Esi Saul dzra ɖo vɔ la, eya kple Samuel dze mɔ. 27 Esi woɖo dua ƒe gbɔto la, Samuel gblɔ na Saul be, “Gblɔ na subɔla la be wòado ŋgɔ” eye subɔla la wɔ nenema. “Gake wò la, lala ne magblɔ gbedeasi si tso Mawu gbɔ la na wò.”