2
Israel ƒe viŋutsuwo
Esiawoe nye Israel ƒe viŋutsuwo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon, Dan, Yosef, Benyamin, Naftali, Gad kple Aser.
Yuda ƒe viwo va se ɖe Hezron ƒe viwo dzi
Yuda dzi ŋutsuvi etɔ̃ kple Bat Sua, Kanaan ɖetugbi aɖe. Woawoe nye
Er, Onan kple Sela. Via tsitsitɔ,
Er, vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋkume ale gbegbe be, Yehowa wui.
Er ƒe ahosi, Tamar kple Er fofo, Yuda, wodzi evenɔviwo: Perez kple Zera;
ale viŋutsuvi atɔ̃ nɔ Yuda si.
 
Perez ƒe viwoe nye:
Hezron kple Hamul.
Zera ƒe viwo nye:
Zimri, Etan, Heman, Kalkol kple Dara.
Aka, Karmi ƒe vie nye
ame si he fukpekpe va Israel dzi elabena efi nu kɔkɔewo.
Etan ƒe vie nye
Azaria.
Hezron ƒe viwoe nye
Yerameel, Ram kple Kelubai.
Tso Ram, Hezron ƒe vi dzi
10 Ram dzi Aminadab
eye Aminadab dzi Nahson, ame si va zu Yuda to la ƒe kplɔla ɖeka.
11 Nahson dzi Salma
eye Salma hã dzi Boaz.
12 Boaz dzi Obed
ame si dzi Yese.
 
13 Yese ƒe vi gbãtɔe nye
Eliab, eveliae nye Abinadab
eye etɔ̃liae nye Simea; 14 eneliae nye Netanel,
atɔ̃liae nye Radai, 15 adelia nye Ozem
eye adreliae nye David.
16 Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail.
Zeruya ƒe viŋutsuwoe nye Abisai, Yoab kple Asahel.
17 Yeter, ame si nye ŋutsu aɖe tso Ismael nyigba dzi la ɖe Abigail eye wòdzi ŋutsuvi aɖe si wona ŋkɔe be Amasa la nɛ.
Kaleb, Hezron ƒe vi
18 Kaleb, Hezron ƒe vi ɖe srɔ̃ eve, Azuba kple Yeriot. Azuba ƒe viwoe nye:
Yeser, Sobab kple Ardon.
19 Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat eye wòdzi ŋutsuvi, Hur, nɛ.
20 Hur ƒe vie nye Uri eye Uri hã dzi Bezalel.
 
21 Esi Hezron xɔ ƒe blaade la eɖe Makir ƒe vinyɔnu eye wòdzi ŋutsuvi, Segub nɛ. Makir ƒe vi bubue nye Gilead.
22 Segub nye Yair fofo. Du blaeve-vɔ-etɔ̃ nɔ Yair ƒe kpɔkplɔ te le Gileadnyigba dzi.
23 (Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.)
Ame siawo katã nye Makir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo.
24 Esi Hezron ku le Kaleb Efrata la, Abiya, Hezron srɔ̃ dzi Asur, Tekoa fofo.
Yerameel, Hezron ƒe vi
25 Hezron ƒe vi tsitsitɔ, Yerameel ƒe viwoe nye:
Ram ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Buna, Oren, Ozem kple Ahiya. 26 Yerameel srɔ̃ evelia, Atara, dzi Onam.
27 Ram ƒe viwoe nye
Maaz, Yamin kple Eker.
28 Onam ƒe viwoe nye
Samai kple Yada. Samai dzi Nadab kple Abisur. 29 Abisur kple srɔ̃a Abihail dzi Aban kple Molid.
30 Nadab ƒe viwoe nye
Seled kple Apaim. Seled medzi vi aɖeke hafi ku o.
31 Apaim ƒe vie nye
Isi, ame si dzi Sesan eye eya hã dzi Ahlai.
32 Samai nɔvi dzi ŋutsuvi eve:
Yeter kple Yonatan. Yeter medzi vi aɖeke hafi ku o,
33 ke Yonatan dzi vi eve:
Pelet kple Zaza.
Ame siawoe nye Yerameel ƒe viwo.
 
34 Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o; vinyɔnuwo koe nɔ esi.
Egipte dɔlaŋutsu aɖe nɔ esi; eŋkɔe nye Yarha. 35 Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe dɔlaŋutsu, Yarha, wòɖe eye wodzi Atai.
36 Atai dzi Natan,
ame si dzi Zabad,
37 ame si dzi Eflal,
ame si dzi Obed,
38 ame si dzi Yehu,
ame si dzi Azaria.
39 Azaria dzi Helez,
ame si dzi Eleasa,
40 ame si dzi Sismai,
ame si dzi Salum.
41 Salum dzi Yekamia
ame si dzi Elisama.
Kaleb ƒe dzidzimeviwo
42 Kaleb, Yerameel nɔvi ƒe vi tsitsitɔe nye
Mesa, ame si dzi Zif,
ame si dzi Maresa, ame si dzi Hebron.
43 Hebron ƒe viwoe nye
Korah, Tapua, Rekem kple Sema.
44 Sema dzi Raham
ame si dzi Yorkeam.
Rekem dzi Samai.
45 Samai dzi Maon
eye Maon dzi Bet Zur.
46 Kaleb kple eƒe ahiãvi, Efa, wodzi
Haran, Moza kple Gazez.
Haran dzi Gazez.
47 Yahdai dzi
Regem, Yotam, Gesan, Pelet, Efa kple Saaf.
48 Kaleb ƒe ahiãvi, Maaka, dzi
Seber kple Tirhana.
49 Egadzi Saaf, ame si nye Madmana fofo
kple Seva, Makbena fofo kple Gibea.
Kaleb ƒe vinyɔnue nye Aksa.
 
50 Hur, ame si nye Kaleb kple Efrata ƒe vi tsitsitɔ la,
dzi Sobal, Kiriat Yearim fofo, 51 Salma, Betlehem fofo kple Haref, Bet Gader fofo.
52 Sobal ƒe viwoe nye Kiriat Yearim kple
Haroe, ame si ƒe dzidzimeviwoe nye Menuhot tɔwo ƒe afã. 53 Kiriat Yearim ƒe dzidzimeviwoe nye Yatiritɔwo, Putitɔwo, Sumatitɔwo kple Misraitɔwo, ame siwo me Zoratitɔwo kple Estaolitɔwo do tso.
54 Salma ƒe viwoe nye:
Betlehem, Netofatitɔwo, Atrot Bet Yoab, Manahatitɔwo ƒe afã kple Zoritɔwo, 55 agbalẽŋlɔlawo ƒe ƒome siwo nɔ Yabez: Tiratitɔwo, Imeatitɔwo kple Sukatitɔwo. Ame siawo katã nye Kenitɔwo eye wodzɔ tso Hamat me, ame si nye Rekab ƒe ƒome la fofo.