Kronika
ƒe agbalẽ gbãtɔ
1
Blemanyatoto tso Adam dzi va se ɖe Isak dzi
Noa ƒe viwo
Adam, Set, Enos,
Kenan, Mahalalel, Yared,
Enɔk, Metusela, Lamek,
Noa.
 
Noa ƒe viwo: Sem, Ham kple Yafet.
Yafet ƒe viwo
Yafet ƒe viwoe nye:
Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras.
Gomer ƒe viŋutsuwoe nye:
Askenaz, Rifat kple Togarma.
Yavan ƒe viŋutsuwoe nye:
Elisa, Tarsis, Kitim kple Rodanim.
Ham ƒe viwo
Ham ƒe viŋutsuwoe nye:
Kus, Egipte, Put kple Kanaan.
Kus ƒe viŋutsuwoe nye:
Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka.
Rama ƒe viŋutsuwoe nye
Seba kple Dedan.
10 Kus ƒe dzidzimevie nye
Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi.
11 Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye
Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo, 12 Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo.
13 Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye:
Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het. 14 Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo, 15 Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, 16 Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo.
Sem ƒe viwo
17 Sem ƒe dzidzimeviwoe nye:
Elam, Asur, Arfaxad, Lud, Aram, Uz, Hul, Geter kple Mesek.
18 Arfaxad ƒe vie nye Sela,
ame si dzi Eber.
19 Vi eve nɔ Eber si:
Woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo.
20 Yoktan ƒe viwoe nye
Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera, 21 Hadoram, Uzal, Dikla, 22 Obal, Abimael, Seba, 23 Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo.
 
24 Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Arfaxad, ame si dzi Sela,
25 ame si dzi Eber, ame si dzi Peleg, ame si dzi Reu,
26 ame si dzi Serug, ame si dzi Nahor, ame si dzi Tera,
27 ame si dzi Abram ame si wova yɔna emegbe be Abraham.
Abraham ƒe viwo
28 Abraham ƒe viwoe nye: Isak kple Ismael.
Hagar ƒe dzidzimeviwo
29 Ismael ƒe viwoe nye
Nebayɔt, ame si nye via tsitsitɔ, Kedar, Adbel, Mibsam, 30 Misma, Duma, Masa, Hadad, Tema, 31 Yetur, Nafis kple Kedema.
Ame siawo nye Ismael viwo.
Ketura ƒe dzidzimeviwo
32 Abraham ƒe ahiãvi Ketura dzi
Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua.
Yoksan ƒe viwo:
Seba kple Dedan.
33 Midian ƒe viŋutsuwoe nye:
Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda.
Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo.
Sara ƒe dzidzimeviwo
34 Abraham ƒe vi, Isak,
dzi Esau kple Israel.
35 Esau ƒe viŋutsuwoe nye:
Elifaz, Reuel, Yeus, Yalam kple Korah.
36 Elifaz ƒe viwoe nye:
Teman, Omar, Zefi, Gatam, Kenaz,
Timna kple Amalek.
37 Reuel ƒe viŋutsuwoe nye:
Nahat, Zera, Sama kple Miza.
Seir ƒe viwo le Edom
38 Esua alo Seir ƒe vi aɖewoe nye:
Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan.
39 Lotan ƒe viwoe nye
Hori kple Homam. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu.
40 Sobal ƒe viŋutsuwoe nye:
Alvan, Manahat, Ebal, Sefo kple Onam.
Zibeon ƒe viwoe nye:
Aya kple Ana.
41 Ana ƒe vie nye:
Dison, ame si dzi Hamran, Esban, Itran kple Keran.
42 Ezer ƒe viwoe nye:
Bilhan, Zaavan kple Yaakan.
Disan ƒe viwoe nye:
Uz kple Aran.
Edom ƒe dziɖulawo
43 Ame siwo ɖu fia le Edom hafi woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye:
Bela, Beor ƒe vi. Du si me wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba.
44 Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi, tso Bozra zu fia.
45 Esi Yobab ku la, Husam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe,
46 eye le Husam ƒe ku megbe la, Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moab nyigba dzi la ɖu fia eye eƒe fiadue nye Avit.
47 Esi Hadad trɔ megbe la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe.
48 Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe.
49 Le Siaul ƒe ku megbe la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe.
50 Esi Baal Hanan ku la, Hadad ɖu fia ɖe eteƒe eye eƒe fiadue nye Pau. Hadad srɔ̃e nye Mehetabel, dadae nye Matred, ame si dadae nye Me-Zahab. 51 Hadad hã va ku.
 
Edom fiawo le Hadad ƒe ku megbe nye:
Timna, Alva, Yetet 52 Oholibama, Ela, Pinon, 53 Kenaz, Teman, Mibzar, 54 Magdiel kple Iram.
Ame siawoe nye Edom fiawo.