25
Yerusalem gbegblẽ
Ale, wòva eme le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be Babilonia fia Nebukadnezar kplɔ eƒe aʋakɔ blibo la va ɖe to ɖe Yerusalem du la. Woƒu asaɖa anyi ɖe du la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia la ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe. Ke Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ ti fia la yome eye wotui le Yeriko ƒe gbadzaƒe. Fia la ƒe asrafowo gble fia la ɖi eye woka hlẽ.
Wokplɔe yi Nebukadnezar gbɔe le Ribla, afi si wodrɔ̃ ʋɔnue le eye wobu fɔe. Wowu Zedekia ƒe viwo le eya ŋutɔ ƒe ŋkume. Emegbe la, wogbã eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo, de akɔblikɔsɔkɔsɔe eye wokplɔe yi Babilonia.
Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke adrea gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si nye dɔnunɔla le Babilonia fia te la va Yerusalem. Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. 10 Emegbe la, Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. 11 Ke aʋafia Nebuzaradan ɖe aboyo dua me tɔ mamlɛawo, kple ame siwo si yi Babilonia fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea. 12 Ke wogblẽ ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi.
13 Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia.
14 Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinuwo katã siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ la me la hã dzoe. 15 Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ dzoɖesonuwo kple tre siwo me wokɔa lãwo ƒe ʋu ɖo la dzoe. Wowɔ nu siawo katã kple sika nyuitɔ alo klosalo. 16 Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo kple akɔblizɔ kple ete ƒe afɔtiwo ŋuti, siwo Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ la, mele dada me o. 17 Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ. Akɔblitametsyɔnu si wowɔ tsyɔ sɔtiawo tame la ƒe kɔkɔme le mita ɖeka kple afã eye woɖo atsyɔ̃ nɛ kple yevuboɖati ƒe seƒoƒo siwo wowɔ kple akɔbli. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo.
18 Babilonia ƒe aʋafia la ɖe aboyo Seraya, nunɔlagã la, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. 19 Ke le ame siwo susɔ ɖe dua me dome la, ekplɔ aʋafia si le aʋawɔlawo nu kpe ɖe ame atɔ̃ siwo nye fia ƒe aɖaŋuɖolawo ŋuti. Ekplɔ agbalẽŋlɔla gã, ame si ganye dɔnunɔlagã, si kpɔa amewo xɔxɔ de asrafodɔ me ƒe nyawo gbɔ hekpe ɖe eŋutime blaade siwo susɔ ɖe dua me la ŋuti. 20 Ale aʋafia, Nebuzaradan kplɔ wo katã yi na Babilonia fia le Ribla. 21 Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi.
22 Azɔ Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Gedalia, Ahikam ƒe vi kple Safan ƒe tɔgbuiyɔvi ɖo mɔmefiae ɖe ame siwo susɔ ɖe Yuda la nu. 23 Esi Israel ƒe aʋawɔla aɖewo, ame siwo womelé o la se be Babilonia fia tsɔ Gedalia ɖo dzikpɔlae la, kplɔla aɖewo kple woƒe amewo va wɔ ɖeka kplii le Mizpa. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Ismael, Netania ƒe vi, Yohanan, Karea ƒe vi, Seraya, Tanhumet ƒe vi tso Netofat kple Yaazania, si tso Makat kple woƒe amewo. 24 Gedalia ka atam na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo o. Minɔ anyigba sia dzi eye miasubɔ Babilonia fia la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.”
25 Ke le ɣleti adre megbe la, Ismael, Netania ƒe vi, ame si nye Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒomea me la yi Mizpa kple ame ewo eye wowu Gedalia kple eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, Babiloniatɔwo kple Yudatɔwo siaa. 26 Ale Yudatɔwo katã, kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple asrafomegãwo katã si yi Egipte elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Babiloniatɔwo.
Babilonia fia kpɔ nublanui na Yehoyakin
27 Esi Evil Merodak, ame si wogayɔna be Awel Marduk zu fia le Babilonia la, ekpɔ nublanui na Yuda fia, Yehoyatsin eye wòna woɖee le gaxɔ me. Esia va eme le Yehoyatsin ƒe gamenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi. 28 Elé be na Fia Yehoyatsin wu fia bubu siwo wode gaxɔ me le Babilonia. 29 Womena Yehoyatsin do gaxɔmenɔlawo ƒe awuwo o eye wona wòɖua nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 30 Fia la naa ga Yehoyatsin gbe sia gbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.