3
Ɖasefowo yɔyɔ ɖe Israel ŋu
O Israel, se nya si Yehowa gblɔ tso mi ƒome blibo si wòkplɔ tso Egipte la ŋu ɖa.
“Le amegbetɔƒome siwo katã le anyigba dzi dome la,
miawo ko metia,
eya ta wòle be mahe to
na mi vevie ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta ɖo,
elabena aleke ame eve ate ŋu
azɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi o?”
 
Ɖe dzata ɖea gbe le ave me
ne melé nu oa?
Ɖe dzata tea gbe le eƒe do me
ne mekpɔ lé nu haɖe oa?
Ɖe xevi dzona ɖe mɔ dzi le anyigba,
ne wometre mɔ nɛ oa?
Alo ɖe mɔ fena, ne naneke meɖo eme oa?
Ne kpẽ ɖi le du me la,
ɖe dua me tɔwo mevɔ̃na oa?
Ne dzɔgbevɔ̃e va du aɖe dzi la,
ɖe menye Yehowae ɖe mɔ oa?
 
Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ,
mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia
eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o.
 
Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o.
Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be
yemagblɔ nya ɖi o.
 
Miɖe gbeƒã le Asdod
kple Egipte fiasãwo me be,
“Miƒo ƒu mia ɖokuiwo ɖe Samaria towo dzi,
ne miakpɔ ʋunyaʋunya gã
kple teteɖeanyi siwo le edzi yim le dukɔ la dome.”
 
10 Yehowa be, “Nye dukɔ ŋlɔ nu nyui wɔwɔ be,
woƒe aƒe nyuiwo me yɔ kple nu siwo wofi
kple nu siwo woda adzoe.”
11 Yehowa Mawu be,
“Eya ta futɔ aɖe ava nye avuzi le miaƒe anyigba dzi,
agbã miaƒe mɔ sesẽwo,
eye wòaha miaƒe fiasãwo.”
12 Ale Yehowa gblɔe nye si,
“Abe ale si Alẽkplɔla ɖea lã ƒe ata eve
kple to kakɛ aɖe ko le dzata ƒe nu me la,
nenema kee wòanɔ na Israelvi siwo nɔ Samaria
le aba ƒe dzogoe dzi
kple ame siwo nɔ aba ƒe kundru dzi.”
13 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be,
“Misee, eye miagblɔe na Yakob ƒe aƒe la be:
14 Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la,
gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel.
Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.
15 Magbã kesinɔtɔwo ƒe aƒe nyuiwo,
akaka woƒe vuvɔŋɔlixɔ dranyiwo
kple woƒe dzomeŋɔlixɔwo.
Matsrɔ̃ woƒe nyiɖuxɔwo, eye magbã woƒe sãwo,”
Yehowae gblɔe.