4
Israel metrɔ va Mawu gbɔ o
“Miɖo tom, mi Basan nyinɔ dami siwo le Samaria towo dzi,
mi nyɔnu siwo baa hiãtɔwo,
eye mietea ame dahewo ɖe to hegblɔna
na mia srɔ̃wo be, midi aha vɛ míano!
Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ta eƒe kɔkɔenyenye,
be ɣeyiɣi li gbɔna esime yeaɖe mi
kple miaƒe dzidzimeviwo kple ƒu.
Woakplɔ mi ato gliwo ƒe gbagbãƒee,
miakpɔ ŋgɔ tẽe, eye woatsɔ mi aƒu gbe ɖo ɖe Harmon.”
Yehowae gblɔe.
“Miva Betel ne miawɔ nu vɔ̃.
Miyi Gilgal ne miadzi miaƒe nu vɔ̃wo ɖe edzi,
mitsɔ vɔsawo vɛ ŋdi sia ŋdi;
mitsɔ nu ewoliawo vɛ
ŋkeke etɔ̃ sia ŋkeke etɔ̃.
Mitsɔ amɔʋaʋãbolo wɔ akpedavɔsae.
Miɖe gbeƒã lɔlɔ̃nununana.
Migblɔe dadatɔe, elabena nenema mielɔ̃a wɔwɔ.
O, Israel!”
Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.
 
“Medɔ dɔwuame ɖe miaƒe duwo me,
gake mewɔ naneke le mia ŋuti o,
eye miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.”
Yehowae gblɔe.
 
“Ɣleti etɔ̃ hafi miadze miaƒe nukuwo ŋeŋe gɔme la,
mena tsidzadza tɔ kplo zi ɖeka,
eye miaƒe nukuwo gblẽ.
Medɔa tsi wòdzana ɖe du ɖeka dzi,
medzana ɖe bubuwo dzi o.
Ale ne tsi le dzadzam ɖe agble aɖe dzi la,
bubuawo me ƒuna kplakplakpla,
eye woƒe nukuawo fiana.
Amewo tsoa du siwo me ku le ɖiɖim le,
eye wozɔa mɔ didi yia tsidiƒe
le du bubu me afi si tsi le dzadzam le,
gake womekpɔnɛ kuna o.
Ele alea, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.”
Yehowae gblɔe.
 
“Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃;
mena ʋetsuviwo ɖu miaƒe wainkawo kple amitiwo,
gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.”
Yehowae gblɔe.
 
10 “Mena dɔvɔ̃wo va dze mia dzi
abe esiwo mehe va Egiptetɔwo dzi le blema ene.
Mena mia viwo tsi aʋa,
eye menya miaƒe sɔwo de gbe.
Ame kukuwo na miaƒe asaɖa me le ʋeʋẽm kũu,
gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.”
Yehowae gblɔe.
 
11 “Metsrɔ̃ miaƒe du aɖewo
abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomorae ene;
ame siwo susɔ la le abe atikpo si
woɖe tso dzo me la ene,
gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.”
Yehowae gblɔe.
 
12 “Eya ta ale mawɔ na wò, O Israel!
Esi wònye aleae mawɔ na wò ta la,
dzra ɖo nàdo go wò Mawu, O Israel!”
 
13 Ame si wɔ towo kple ya,
eye wòɖea eƒe susuwo fiaa amegbetɔ,
eyae trɔa ŋdi wòzua viviti,
eye wògbãa towo ɖe eƒe afɔ te gudugudu.
Eŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la.