5
Konyifafa kple yɔyɔ na dzimetɔtrɔ
“O! Israel ƒe aƒe, metsɔ blanuiléle dzi konyifaha sia na wò:
“Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o.
Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi,
eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o,
elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be,
‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la,
ame alafa ɖeka koe agbɔ,
eye du si ɖo ame alafa ɖeka ɖa la
ame ewo koe agbɔ.’ ”
Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be,
“Midim, ne mianɔ agbe.
Migati legba siwo le Betel,
Gilgal alo Beerseba yome o,
elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo,
eye Betel atsrɔ̃.”
Midi Yehowa ne mianɔ agbe,
ne menye nenema o la;
miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi,
afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.
 
O, mi ame siwo trɔ afia nyui tsotso wòzu vevesese,
eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba!
 
Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui,
avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli,
eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã.
Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be
wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi.
Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ.
Le aɖabaƒoƒo ɖeka me la,
enana gbegblẽ vaa ame sesẽ dzi,
eye wògbãa eƒe gli sesẽwo.
 
10 Mielé fu ame siwo toa nyateƒe le ʋɔnu,
eye miele fu nyateƒetola.
11 Esi miefanya ame dahewo kple afɔ,
eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la,
mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la me
alo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o.
 
12 Elabena wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ hetri akɔ.
Menya wo katã nyuie.
Èsẽa ŋuta le ame dzɔdzɔe ŋu,
eye nèxɔa zãnu hetrɔa gbo ame dahe ƒe nya dzɔdzɔe,
13 eya ta ame siwo nye nunyalawo la,
azi ɖoɖoe le ɣeyiɣi mawo me,
elabena ɣeyiɣi vɔ̃e wònye.
 
14 Midi nyui, miasi le vɔ̃ nu ne mianɔ agbe!
Ekema Yehowa,
Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale si
miawo ŋutɔ miegblɔ la ene.
15 Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui.
Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo.
Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la,
akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo.
16 Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi.
Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi;
miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi.
17 Avifafa anɔ waingble ɖe sia ɖe me,
elabena mava to afi ma akaka agbleawo.”
Yehowae gblɔe.
Aƒetɔ la ƒe ŋkeke
18 Baba na mi, ame siwo tsi dzi
ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti.
Nu ka ta mietsi dzi ɖe
Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti ɖo?
Ŋkeke ma anye viviti,
manye kekeli o.
19 Le ŋkeke ma dzi la,
mianɔ abe ame si
si le dzata nu ɖake ɖe sisiblisi ŋuti la ene,
eye esi wòƒu du ɖo aƒe me heziɔ ɖe gli ŋuti la, da ɖui.
20 Ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la menye viviti,
eye menye kekeli oa?
Ɖe menye blukɔe wònye,
eye keklẽ mele eme oa?
 
21 “Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye metsri wo.
Nyemaʋẽ miaƒe takpekpewo
kple ŋkekenyuiwo ase o.
22 Ne miewɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo nam hã la,
nyemaxɔ wo o.
Ne mietsɔ miaƒe lã damiwo sa vɔe nam hã la,
nyemanye kɔ akpɔ wo o.
23 Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye,
wò saŋkuƒoƒowo hã le to me vem nam!
24 Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene,
eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene!
 
25 “O, Israelviwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na
esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ?
26 Miekɔ miaƒe fia, Sakut kple Kaiwan, miaƒe ɣletivimawu
siwo ƒe nɔnɔme miewɔ na mia ɖokuiwo la ɖe dzi,
27 eya ta maɖo mi ɖe aboyo me le Damasko godo.”
Yehowa, ame si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.