6
Baba na ame siwo susuna be yewode le yewo ɖokuiwo me
Baba na mi, ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le Zion
kple ame siwo susu be yewosu te le Samaria towo dzi,
mi ame siwo nye ame veviwo
kple ame ŋkutawo le Israel,
ame siwo gbɔ dukɔ la xɔa aɖaŋu le.
Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa;
eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat,
Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa.
Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo
alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa?
Mieɖe susu ɖa le ŋkeke vɔ̃ la ŋuti,
gake miaƒe nu tovowo wɔwɔ wɔe be
Ʋɔnudrɔ̃gbe la le mia lalam.
Miemlɔa nyiɖubawo dzi,
eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme;
alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi.
Midzia ha vlowo hevuna ɖe kasaŋku ŋu ƒona
abe David ye le ha kpam ene.
Miekua wain ɖe tre gãwo me wòyɔna banaa mienona,
eye miesia ami ʋeʋĩwo,
gake Yosef ƒe aƒe la ƒe gbegblẽ ya meka mi o,
eya ta miawoe anye ame gbãtɔ siwo
woaɖe aboyoe, eye miaƒe agbe vivi ɖuɖu la nu atso.
Yehowa tsi tsitre ɖe Israel ƒe dada ŋu
Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe. Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be,
“Yakob ƒe dada ƒuƒlu la le ŋu nyɔm nam,
eye melé fu eƒe mɔ sesẽwo.
Matsɔ du gã sia
kple emenu nyuiwo ade asi na eƒe futɔwo.”
Ne ŋutsu ewo susɔ ɖe aƒe ɖeka me hã, wo katã woaku. 10 Ne ƒometɔ aɖe si atɔ dzo ame kukuawo va aƒea me la, abia ame si ɣla ɖe aƒea me la be, “Ame aɖewo gatsi agbe kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu nɛ be, “Ao!” Ekema ame si va la, agblɔ be, “Mia nu. Mele be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afi sia o.”
11 Elabena kpɔ ɖa, Yehowa de se be,
woagbã aƒe suewo kple gãwo siaa.
 
12 Sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpewo dzia?
Ɖe nyitsu siwo wotsɔna ŋlɔa agblee la
ate ŋu aŋlɔ atsiaƒu dzia?
Ke mietrɔ afia nyui tsotso wòzu aɖi,
eye miedo ŋunyɔ nu sia nu
si nye nu dzɔdzɔe la wòzu atsa.
13 Mi ame siwo kpɔ dzidzɔ esi wogbã Lodeba
eye miegblɔ be,
“Ɖe menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe míetsɔ xɔ Karnaim oa?”
 
14 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be,
“O Israel ƒe aƒe, mana dukɔ aɖe natso ɖe ŋuwò.
Ate wò ɖe to vevie tso Lebo Hamat
va se ɖe Wadi Araba tɔʋu la to.”