7
Ʋetsuviwo, dzo kple dzidzeka
Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam le ŋutega me: Yehowa le ʋetsuviwo ƒe ha gã drinya aɖe dɔm ɖa be woava aɖu kelemenukuwo. Esia ava eme ne woxe nuku gbãtɔwo ƒe adzɔ na fia la vɔ megbe. Esi ʋetsuviawo ɖu nukuawo keŋkeŋ vɔ la, medo ɣli be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku, tsɔe ke dzro. Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, elabena enye dukɔ sue aɖe ko?”
Ale Yehowa ɖe asi le susu si wòɖo la ŋuti.
Eye Yehowa gblɔ be, “Esia mava eme o.”
Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã. Ale megblɔ nɛ be, “O Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku mègawɔe o, elabena dukɔ sue aɖe ko wònye!” Aleke Yakob ate ŋu anɔ tee?
Ale Aƒetɔ Yehowa ɖe asi le susu sia hã ŋuti,
Eye wògblɔ nam be, “Esia mava eme o.”
 
Emegbe la, egaɖe nu sia fiam: Aƒetɔ la le tsi tsitre ɖe gli si woɖo, wòdzɔ kã la xa, eye glidzidzenu le esi. Aƒetɔ la biam be, “Amos, nu ka nèkpɔ?”
Meɖo eŋuti be, “Glidzidzenu.”
Yehowa gayi dzi be, “Kpɔ ɖa, metsɔ glidzidzenu ɖo nye dukɔ, Israel titina. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o.
“Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo,
Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo,
eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.”
Amos kple Amazia
10 Ke esi Amazia, nunɔla si le Betel se nya siwo gblɔm Amos le la, eɖo du ɖe Israel fia Yeroboam kaba be, “Amos le nugbe ɖom ɖe ŋutiwò le Israel dukɔ la titina. Amewo mate ŋu atsɔ nya siwo katã gblɔm wòle la o. 11 Amos le gbɔgblɔm be,
“ ‘Yeroboam atsi yi nu
eye woaɖe aboyo Israel,
akplɔe tso eƒe denyigba dzi.’ ”
12 Amazia ɖo ame dɔdɔwo ɖe Amos be, “Wò, nyagblɔɖila, do go le afi sia! Si nàyi ɖe Yudanyigba dzi, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma be nàkpɔ abolo aɖu. 13 Mègava ɖe fu na mí kple wò ŋutegakpɔkpɔ ƒe nyawo le Betel, míaƒe toxɔdu, afi si fiaɖuƒe la ƒe gbedoxɔ le o!”
14 Amos ɖo eŋu ɖo ɖe Amazia be, “Menye nyagblɔɖilawo dometɔ ɖekae menye o. Nyemetso nyagblɔɖilawo ƒe ƒome me o. Nye la, lãnyila kple atikutsetsewo fɔla ko menye, 15 gake Yehowa yɔm tso lãnyilawo dome gblɔ nam be, ‘Yi nàgblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’ 16 Azɔ ɖo to nàse gbedeasi sia, si tso Yehowa gbɔ na wò. Ègblɔ be,
“ ‘Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋuti o,
eye mègagblɔ Mawu ƒe nya tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe ŋu o.’
17 “Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò,
“ ‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la,
srɔ̃wò azu gbolo le du sia me,
woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi;
woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae.
Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi,
eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me
le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’ ”