8
Kutsetse ɖiɖiwo ƒe kusi la
Aƒetɔ Yehowa ɖe kusi aɖe si yɔ fũu kple kutsetse ɖiɖiwo la fiam le ŋutega me. Ebiam be, “Amos, nu ka kpɔm nèle?”
Meɖo eŋu nɛ be, “Kusi si yɔ kple atikutsetse ɖiɖiwo.”
Yehowa gblɔ nam be, “Israel ƒe ɣeyiɣi de, eya ta nyemagahe woƒe tohehe ɖe megbe azɔ o.”
Egagblɔ be, “Hadzidzi siwo ɖina le gbedoxɔ me la azu avifafa gbe ma gbe. Ame kukuwo akaka ɖe afi sia afi, eye ɖoɖoe azi klẽnee.”
Misee ɖa, mi ame siwo baa ame dahewo,
heɖoa afɔ hiãtɔwo dzi.
Mi ame siwo le gbɔgblɔm be,
“Gbe ka gbe dzinu yeye nu le yiyi ge
ne míadzra bli,
eye Dzudzɔgbe nu le yiyi ge
ne míaʋu avawo nu?”
Míatsɔ nudanu suewo kple nudzidzenu miamiawo
anɔ ame bamii.
Mi ame siwo doa kluvi
ame dahewo ɖe klosaloga ɖeka ta,
eye miedzraa hiãtɔwo ɖe afɔkpa dodo ɖeka pɛ ta
alo dzraa bli gbegblẽ na wo.
Yehowa ta nu ɖe Yakob ƒe dada ŋu be, “Nyemaŋlɔ miaƒe nu vɔ̃wo be o!
“Le esia ta anyigba adzo nyanyanya,
ame sia ame afa konyi,
eye woakɔ ayi dzi abe Nil tɔsisi ene.
Woadze agbo, agadze anyi abe Egipte tɔsisi la ene.”
Aƒetɔ Yehowa be, “Gbe ma gbe la,
mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu,
eye viviti nado ɖe anyigba dzi le ŋkeke me.
10 Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifafa,
eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihawo.
Mianɔ funyivɔ me,
alũ ta kolikoli abe mia viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ si
le mia si lae ku ene.
Nyateƒe, ŋkeke ma ave le miaƒe nu me ŋutɔ.”
 
11 Aƒetɔ Yehowa be:
“Ŋkeke li gbɔna esi dzi maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi,
menye nuɖuɖu kple tsi ƒe dɔwuame o,
ke boŋ Yehowa ƒe nyasese ƒe dɔwuame wòanye.
12 Woatsa tso afii ayi afi mɛ,
tso anyiehe ayi ɣedzeƒe,
anɔ Yehowa ƒe nya dim be yewoase,
gake womakpɔe o.
13 “Gbe ma gbe la,
“ɖeɖi ate ɖetugbi dzetugbewo
kple ɖekakpui sesẽwo ŋu,
eye nu ati kɔ na wo le mawunya ƒe tsikɔ si
le wo wum la ta.
14 Ame siwo ta legba si le Samaria,
eye wogblɔ be, ‘O Dan,
meta wò mawu ƒe agbe
alo meta Beerseba ƒe mɔ la adze anyi,
eye womagafɔ akpɔ gbeɖe o.’ ”