9
Woatsrɔ̃ Israel
Mekpɔ Aƒetɔ la wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye wògblɔ nam be,
“Xlã nu ɖe sɔtiawo tame ne xɔa ƒe agunu naʋuʋu.
Mu sɔtiawo woadze ameawo ƒe ta dzi,
eye ame siwo susɔ la, mawu wo kple yi.
Ame ɖeka pɛ mato le eme o, eye ɖeke hã masi o.
Ne woƒu du yi keke tsiẽƒe hã la,
mava afi ma ahe wo ado goe;
eye ne wolia nu yi dziƒo hã la,
mayi afi ma ahe wo vɛ.
Togbɔ be woasi aɖabe ɖe agakpe siwo
le Karmel to tame hã la,
madi wo, ake ɖe wo ŋu,
ahe wo ado goe le afi ma.
Ne wosi ɖabe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke hã la,
madɔ ƒumedawo ɖa be woaɖu wo, woaku.
Togbɔ be woƒe futɔwo akplɔ wo ayi aboyo me hã la,
afi ma hã maɖe gbe be woawu wo kple yi.
 
“Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu na vɔ̃,
ke menye na nyui o.”
 
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu,
ame si ka asi anyigba ŋuti wòlolõ,
eye edzinɔlawo katã fa konyi,
ame si na anyigba kɔ dzi abe Nil ene,
eye wòna wòdze eme abe Egipte tɔsisi ene.
Ame si tu nɔƒe kɔkɔwo ɖe dziƒonutowo me,
eye wòɖo woƒe agunu ɖe anyigba dzi,
ame si lɔ atsiaƒutsi, eye wòtrɔe ɖe anyigba katã dzi.
Yehowae nye eƒe ŋkɔ.
 
Yehowa be, “O Israelviwo,
ɖe miele nam abe Kustɔwo ene oa?
Ɖe menye nyee kplɔ Israel tso Egiptenyigba dzi,
Filistitɔwo tso Kaftor kple Siriatɔwo tso Kir oa?”
 
“Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkuwo le fiaɖuƒe sẽto la ŋuti.
Matsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi,
negbe Yakob ƒe aƒe la ko nyematsrɔ̃ keŋkeŋ o,”
Yehowae gblɔe.
“Elabena meɖe gbe, eye matsra Israel ƒe aƒe la
le dukɔwo dome abe ale si wotsraa bli kple tsranui ene,
ke ku ɖeka gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o.
10 Nu vɔ̃ wɔla siwo le nye dukɔ me la
atsi yi nu kpe ɖe ame siwo gblɔ be,
‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mía dzi o,’ la ŋu.”
Woagbugbɔ Israel aɖo te
11 “Ekema le ɣe ma ɣi me la,
“Magbugbɔ David ƒe agbadɔ atu,
maɖɔ eƒe fiasã gbagbãwo ɖo,
magaɖo eƒe aƒedowo te,
eye magbugbɔ atui abe ale si wònɔ tsã ene,
12 ale be woaxɔ Edom ƒe ame mamlɛawo
kple dukɔ siwo katã ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo.”
Nye Yehowa ame si awɔ esiawo katã lae gblɔe.
13 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna,”
“esime nukuxala maxa nuku vɔ
hafi agbleŋlɔla nagadze agbleŋɔŋlɔ gɔme o,
eye wainfiala mafia wain vɔ hafi
woagadze waintiwo dodo gɔme o.
Aha yeye atsyɔ le towo dzi,
eye wòatsa le togbɛwo tame.
 
14 “Makplɔ Israel agbɔe tso aboyo me,
woagbugbɔ woƒe du siwo zu aƒedo la atso, ahanɔ wo me,
woade waingblewo,
eye woafia aha ano le wo me.
Woade agblewo eye woaɖu wo me kutsetsewo.
15 Maɖo Israel ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi,
eye womagaho wo kple ke tso anyigba si metsɔ
na wo la dzi akpɔ gbeɖe o.”
Yehowa, miaƒe Mawu lae gblɔe.