2
Dzidzɔdonamenuwo katã nye tofloko
Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko elabena megblɔ be enye movidzɔdzɔ be woanɔ nu kom ɖaa; nyui kae doa go tso eme? Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé bometsitsi ɖe asi goŋgoŋgoŋ va se ɖe esime madze si nu si anyo na amegbetɔwo be woawɔ le dziƒoa te le woƒe ŋkeke sue si me woanɔ agbe la.
Mewɔ nu gãwo na ɖokuinye: metu xɔwo, mede waingblewo, mewɔ abɔwo kple yaxɔƒewo, medo atiwo kple kutsetseti ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo me. Meɖe tsitawo ale be mate ŋu aku tsi tso wo me ade ati siwo medo ɖe ave aɖe me. Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi ɖewo le nye ŋutɔ nye aƒe me. Nyiwo kple alẽwo sɔ gbɔ ɖe asinye fũu wu fia siwo nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam la si. Mena fiawo kple dutatɔwo dzɔ klosalo kple sika nam. Meɖo ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe hadzihawo, kpẽkuhawo kple ʋuƒohawo da ɖi. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, nye ahiãviwo dze tugbe, eye wosɔ gbɔ fũu. Ale mexɔ ŋkɔ wu Fia bubu ɖe sia ɖe si nɔ Yerusalem kpɔ. Gawu la, meke ŋku ɖi be mate ŋu ade dzesi nu siawo katã ƒe asixɔxɔ.
10 Mewɔ nu sia nu si dze ŋunye eye nyemehe ɖokuinye ɖa tso
dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke ƒomevi gbɔ o.
Dɔ sesẽ wɔwɔ gɔ̃ hã do dzidzɔ nam.
Le nyateƒe me la,
dzidzɔkpɔkpɔ sia koe nye nye
agbagbadzedzewo katã ƒe fetu.
11 Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mete kpɔ ŋu la,
medze sii be wo katã nye tofloko
kple yamenu ko, eye viɖe aɖeke mele
naneke ŋu le afi aɖeke o.
12 Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya,
tsukuku kple bometsitsi ŋu,
elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ?
Nu si tututu wowɔ va yi la koe!
13 Mekpɔe be viɖe le nunya ŋu wu bometsitsi
abe ale si kekeli nyo wu viviti ene.
14 Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me.
Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔna
ɖe nunyala kple bometsila siaa dzi.
15 Eya ta megblɔ le nye dzi me be
ale si bometsila aku la,
nenema tututue nye hã makue,
eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam?
Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;
16 elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge
eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ
le ŋkeke siwo gbɔna la me.
Agbagbadzedze nye tofloko
17 Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko. 18 Nu si gate ɖe dzinyee nye magblẽ nye dagbadagbawo katã ƒe metsonu ɖi na ame bubuwo. 19 Ame kae anya do ŋgɔ ne vinye ŋutsu anye nunyala loo alo bometsila? Evɔa, ele be woatsɔ nu sia nu si le asinye la nɛ! Esia hã nye tofloko ko! 20 Ale metrɔ be mana dzi naɖe le ƒonye le dɔ siwo katã mewɔ le ɣea te la ŋu, 21 elabena ame aɖe li si tsɔ nunya kple gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe dɔe, ke ele nɛ be wòagblẽ nu siwo wòkpɔ tso dɔwɔwɔ me la ɖi na ame aɖe si mewɔ naneke kura tso dɔ la ŋu o la, woazu etɔ. Esia hã anye tofloko kple nu vɔ̃ɖi aɖe 22 elabena nu ka ame kpɔna tso eƒe dagbadagba kple eƒe dzi ƒe agbagbadzedze le dɔ siwo katã wòwɔna le ɣea te ŋu la me? 23 Kpɔ ɖa, eƒe ŋkekewo katã nye vevesese ko eye eƒe dɔwɔwɔwo katã nye nuxaxa ko. Le zã me gɔ̃ hã la, eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia gɔ̃ hã nye tofloko ko.
24 Ale metso nya me be naneke meli si nyo na amegbetɔ wu be wòaɖu nu, ano nu eye wòana eƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Mekpɔe be esia hã, Mawu ƒe asimee wòtsona, 25 elabena ame kae ate ŋu ato Mawu megbe aɖu nu alo aɖu agbe? 26 Elabena Mawu naa nunya, gɔmesese kple dzidzɔ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze le, ke etsɔa dɔ sesẽ wɔwɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woaƒo ƒu nu alo ali kɔ nu, ale be Mawu natsɔ wo ana ame si dze eŋu. Ale eme kɔ ƒãa be esia hã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko ƒe kpɔɖeŋu.