Nyagblɔla
ƒe agbalẽ
1
Nu sia nu nye tofloko
Esiawoe nye Nyagblɔla Solomo, Fia David si nɔ Yerusalem la ƒe viŋutsu ƒe nyawo:
Le nye nugɔmesese nu la,
viɖe aɖeke mele naneke ŋu o;
nu sia nu nye tofloko ko.
 
Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba
siwo katã wòdzena le ɣea te la me?
Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana,
ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee.
Ɣe hã dzena eye wòɖoa to;
eɖea abla yia afi si wòdze tso.
Ya ƒona ɖoa ta dziehe
eye wòtrɔna yia anyiehe.
Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe
eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe.
Tɔsisiwo katã sina yia atsiaƒu me,
ke atsiaƒu la meyɔna gbeɖe o.
Tsi la gatrɔna yia tɔsisiawo me
eye wògatsana yia atsiaƒu la me.
Nuwo katã le dagbadagba dzi
eye amegbetɔ mate ŋu aƒo nu
le eŋu wòade edeƒe o:
nukpɔkpɔ meɖia kɔ na ŋku o
abe ale si nyasese meɖia ƒo na to o ene.
Nu siwo nɔ anyi va yi la,
woawo ke koe agatrɔ ava
eye nu siwo wowɔ kpɔ la,
woawo ke ko woagawɔ.
Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o.
10 Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be,
“Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye” mahã?
Enɔ anyi kpɔ le blema ke,
do ŋgɔ na mí.
11 Womegaɖoa ŋku blematɔwo dzi o;
nenema ke ame siwo woava dzi la,
maɖo ŋku nu siwo dzɔ
do ŋgɔ na woƒe dzidzi dzi o.
Nunya nye tofloko
12 Nye, Nyagblɔla, meɖu fia ɖe Israel dzi le Yerusalem. 13 Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o. 14 Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.
15 Nu si glɔ̃ da ɖi la,
womagate ŋu adzɔe o
eye nu si meli o la,
womate ŋu axlẽe o.
16 Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.” 17 Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;
18 elabena nuxaxa sɔ gbɔ ɖe nunya geɖe me,
eye ame sia ame si dzia sidzedze ɖe edzi la,
dzia nuxaxa ɖe edzi.