Fia Lemuel ƒe nyawo
31
Fia Lemuel ƒe nyawo, nyagblɔɖi si dadaa fiae lae nye esi:
“Oo vinye,
O nye dɔmevi, O nye adzɔgbeɖevi,
Mègagblẽ wò ŋusẽ ɖe nyɔnuwo ŋu
kple wò lãmeka ɖe ame siwo gblẽa fiawo dome la ŋu o.
 
“O Lemuel, esia menye fiawo tɔ o,
menye fiawo tɔ be woano wain o
eye menye dziɖulawo tɔ be woadzro aha sesẽ o.
Ne menye nenema o la,
woamu aha aŋlɔ nu si sea gblɔ la be
eye woaxɔ ablɔɖe le ame siwo wote ɖe anyi la si.
Tsɔ aha muame na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m
kple wain na ane siwo le nuxaxa me,
na woanoe aŋlɔ woƒe ahedada be
eye womagaɖo ŋku woƒe hiãtuame dzi akpɔ o.
 
“Ƒo nu ɖe ame siwo mate ŋu aƒo nu ɖe
wo ɖokui nu o la nu eye nàʋli amemanɔsitɔwo ƒe ablɔɖe ta.
Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,
ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta.”
Nuwunyawo: Srɔ̃nyɔnu bubume ƒe nɔnɔme
10 Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu?
Exɔ asi wu adzagba.
11 Srɔ̃a kana ɖe edzi blibo
eye nu sia nu si ŋu asixɔxɔ le la mevena le egbɔ o.
12 Le nyɔnu sia ƒe agbemeŋkekewo katã me la,
ehea nyui ko vɛ, ke menye vɔ̃ o.
13 Edia ɖetifu kple avemeka
eye wòwɔa dɔ kple eƒe asiwo faa.
14 Ele abe asiʋu ene
eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vaa aƒee.
15 Efɔna ne ŋu mekpɔ ke o,
edia nuɖuɖu na eƒe ƒometɔwo eye wòmaa dɔ na eƒe dɔlanyɔnuwo.
16 Ebua ta me le agble ŋu eye wòƒlenɛ,
eɖena tso eƒe nukpɔkpɔwo me tsɔna dea waingblee.
17 Ewɔa dɔ kple ŋkubiã
eye eƒe alɔwo sẽna ɖe eƒe dɔwo ŋu.
18 Ekpɔa egbɔ be yeƒe asitsatsa ɖe vi geɖe
eye yeƒe akaɖi metsina le zã me o.
19 Ɖetifutreti le eƒe asi me
eye wòtsɔa eƒe asibidɛwo léa ɖetitrekekee.
20 Eʋua asi na ame dahewo
eye wòdoa asi ɖe hiãtɔwo gbɔ.
21 Ne snodzaɣi ɖo la,
mevɔ̃na ɖe eƒe aƒekɔ nu o
elabena wo katã tsyɔ kuntru dzĩ.
22 Elɔ̃a abadzivɔ na eƒe aba
eye wòdoa aklala biɖibiɖi ƒe awu kple awu blɔ.
23 Wodea bubu srɔ̃a ŋu le dua ƒe agbonu
ne enɔ anyigba la dzi dumegãwo dome.
24 Etɔa aklala biɖibiɖi ƒe awuwo dzrana
eye wòdzraa alidziblanu na asitsalawo.
25 Edo ŋusẽ kple bubu abe awu ene
eye ate ŋu ako ŋkeke siwo gbɔna.
26 Eƒoa nu kple nunya
eye nufiame anukwaretɔ le eƒe aɖe dzi.
27 Ekpɔa eƒe aƒekɔ ƒe nyawo gbɔ nyuie
eye meɖua kuviabolo o.
28 Viawo tsona yɔnɛ be yayratɔ,
nenemae srɔ̃a hã yɔnɛ, hekafunɛ be,
29 “ ‘Nyɔnu siwo wɔa nu ɖɔʋuwo la li fũu,
gake wò la, èƒo wo katã ta.’
30 Nyonyo la, beblee,
eye tugbedzedze nu hã va yina kaba;
gake woakafu nyɔnu si vɔ̃a Yehowa.
31 Mitsɔ fetu si wòdze na la nɛ,
eye eƒe dɔwɔwɔwo ahe kafukafu vɛ nɛ
le dua ƒe agbowo nu.”