Ezra
ƒe agbalẽ
1
Sirus kpe ɖe aboyomeawo ŋu wotrɔ gbɔ
Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋã Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi, eye wòaŋlɔ gbeƒãɖeɖe sia ɖe agbalẽ me be:
Nu si Sirus, Persia fia gblɔe nye esi:
“Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dzi ɖuɖu de asi nam, eye wòtiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda. Ame siwo nye Yehowa ƒe amewo, eye wole mia dome la, ate ŋu ayi Yerusalem le Yuda, eye woatu Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu si le Yerusalem ƒe gbedoxɔ la. Woƒe Mawu nanɔ kpli wo. Mikpe ɖe ame siwo katã susɔ, afi ka ke wole o ŋu kple klosalo, sika, nunɔmesiwo, lãhawo kple lɔlɔ̃nununana hena Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu le Yerusalem.”
Tete ƒometatɔ siwo le Yuda kple Benyamin, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame sia ame si ƒe dzi Mawu ʋã ko la, dzra ɖo be woayi Yerusalem aɖatu Yehowa ƒe gbedoxɔ la. Woƒe aƒelikawo kpe ɖe wo ŋu kple klosalo kple sikanuwo, nunɔamesiwo, lãhawo kple nunana xɔasi bubuwo, hekpe ɖe lɔlɔ̃nununana bubuwo katã ŋu.
Gawu la, Fia Sirus ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem dzoe, eye wòtsɔ wo da ɖe eƒe mawuxɔ me la ɖe go. Persia Fia Sirus na Mitreda, fiasãmenuwo dzikpɔla ɖe wo ɖe go, eye wòxlẽ wo de asi na Sesbazar, mɔmefia si nɔ Yuda dzi kpɔm.
 
Nuawo ƒe xexlẽ me yi ale:
 
Sikanuɖugba blaetɔ̃ (30),
Klosalonuɖugba akpe ɖeka (1,000),
Klosalohɛ blaeve-vɔ-asiekɛ (29),
10 Sikagagba blaetɔ̃ (30),
Klosalogagba alafa ene kple ewo (410),
nu bubuwo akpe ɖeka (1,000).
 
11 Sika kple klosalonuwo katã le akpe atɔ̃ alafa ene (5,400).
 
Sesbazar lɔ nu siawo katã ɖe asi, esi aboyomeawo tso Babilonia va Yerusalem.