2
Aboyome siwo trɔ gbɔ la ƒe ŋkɔwo
Azɔ la, ame siwo nɔ fiaɖuƒe la me, ame siwo Babilonia fia, Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilonia, eye wogbɔ tso aboyome va Yerusalem kple Yuda le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖanɔ woawo ŋutɔ ƒe duwo me la woe nye. Zerubabel, Yesua, Nehemia, Seraya, Relaya, Mordekai, Bilsan, Mispar, Bigvai, Rehum kple Baana:
 
Ame siwo tso Israelviwo dome woe nye:
Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve (2,172).
Sefatia ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ blaadre-vɔ-eve (372).
Ara ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre blaadre-vɔ-atɔ̃ (775).
Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve (2,812).
Elam ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).
Zatu ƒe dzidzimeviwo, ame alafa asiekɛ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (945).
Zakai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre kple blaade (760).
10 Bani ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642).
11 Bebai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade blaeve-vɔ-etɔ̃ (623).
12 Azgad ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaeve-vɔ-ene (1,222).
13 Adonikam ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaade-vɔ-ade (666).
14 Bigvai ƒe dzidzimeviwo, ame akpe eve kple blaatɔ̃-vɔ-ade (2,056).
15 Adin ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ene kple blaatɔ̃-vɔ-ene (454).
16 Ater ƒe dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasiekɛ-vɔ-enyi (98).
17 Bezai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (323).
18 Yorah ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple wuieve (112).
19 Hasum ƒe dzidzimeviwo, ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223).
20 Gibar ƒe dzidzimeviwo, ame blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (95).
 
21 Ŋutsu siwo tso Betlehem gbɔ la ƒe xexlẽme le alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123).
22 Ame siwo tso Netofa le ame blaatɔ̃-vɔ-ade (56).
23 Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).
24 Ame siwo tso Azmavet le ame blaene-vɔ-eve (42).
25 Ame siwo tso Kiriat Yearim, Kefira kple Beerot le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743).
26 Ame siwo tso Rama kple Geba le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621).
27 Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122).
28 Ame siwo tso Betel kple Ai le ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223).
29 Ame siwo tso Nebo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52).
30 Ame siwo tso Magbis le ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-ade (156).
31 Ame siwo tso Elam ƒe to evelia me le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).
32 Ame siwo tso Harim le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320).
33 Ame siwo tso Lod, Hadid kple Ono le ame alafa adre kple blaeve vɔ atɔ̃ (725).
34 Ame siwo tso Yeriko le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345).
35 Ame siwo tso Senaa le ame akpe etɔ̃ alafa ade kple blaetɔ̃ (3,630).
 
36 Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale:
(Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973).
37 Tso Imer ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052).
38 Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247).
39 Tso Harim ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017).
 
40 Levitɔwo:
Yesua kple Kadmiel ƒe dzidzimeviwo to Hodavia dzi, ame blaadre-vɔ-ene (74).
 
41 Hadzilawo:
Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).
 
42 Gbedoxɔ ƒe agbonudzɔlawo:
Ame siwo nye Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe dzidzimeviwo la le ame alafa ɖeka kple blaetɔ̃-vɔ-asiekɛ (139).
 
43 Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me:
Ziha, Hasufa kple Tabaot. Woƒe dzidzimeviwo nye:
44 Keros, Siaha, Padon,
45 Lebana, Hagaba, Akub,
46 Hagab, Salmai, Hanan,
47 Gidel, Gahar, Reaia,
48 Rezin, Nekoda, Gazam,
49 Uza, Pasea, Besai,
50 Asna, Meunim, Nefusim,
51 Bakbuk, Hakufa, Harhur,
52 Bazlut, Mehida, Harsa,
53 Barkos, Sisera, Tema,
54 Nezia kple Hatifa.
55 Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwoe nye:
Sotai, Hasoferet, Peruda,
56 Yaala, Darkon, Gidel,
57 Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Ami ƒe dzidzimeviwo.
58 Gbedoxɔmesubɔlawo kple Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392).
 
59 Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
60 Wonye Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo. Woƒe xexlẽme le alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652).
 
61 Ame siawo hã tso nunɔlawo dome:
Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe dzidzimeviwo. Barzilai sia ɖe Gileadtɔ Barzilai ƒe vinyɔnu, eye wole eya hã yɔm be Barzilai.
62 Ame siawo di woƒe ƒomegbalẽ vevie gake womekpɔe o, eya ta womeɖe mɔ be woawɔ nunɔladɔ o, elabena wobui be wo ŋuti mekɔ o. 63 Gɔvina la de se be womekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu kɔkɔeawo ƒe ɖeke o va se ɖe esime nunɔla aɖe nabia gbe Mawu to Urim kple Tumim dzi hafi.
 
64 Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360). 65 Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kpe ɖe hadzila alafa eve (200) ŋuti. 66 Wotsɔ sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), tedzisɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), 67 kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720) gbɔe.
 
68 Esi wova ɖo Yehowa ƒe aƒe me le Yerusalem la, ƒometatɔ aɖewo na lɔlɔ̃nununana be woatsɔ agbugbɔ Mawu ƒe aƒe la atu ɖe teƒe si wònɔ tsã. 69 Le woƒe ŋutete nu la, wona sikaga kilogram alafa atɔ̃ (500), klosaloga tɔ̃n etɔ̃ kple nunɔlawu alafa ɖeka (100) be woatsɔ de dɔ sia me.
70 Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.