Habakuk
ƒe agbalẽ
1
Esiae nye gbedeasi si va na Nyagblɔɖila Habakuk.
 
Habakuk ƒe nyatsɔɖeameŋu
O Yehowa, zi nenie mado ɣli ayɔ wò hafi nàxɔ nam?
Medo ɣli yɔ wò ʋuu gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o.
Nu ka ta medo ɣli be:
“Ŋutasesẽ le edzi yim”
gake mèɖo xɔname ɖa o.
Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm?
Nu ka wɔ nèɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔwɔ?
Elabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me
eye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm.
Ŋusẽ megale se la si o
eye afiaŋkunɔtsotso bɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒewo
elabena ame vɔ̃ɖiwo ɖe to ɖe ame dzɔdzɔewo.
Eya ta wotsyɔ nu nya dzɔdzɔe dzi.
Yehowa ƒe ŋuɖoɖo
Yehowa ɖo eŋu nam be,
“Nɔ ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋuti
eye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na wò.
Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne
wogblɔe na wò la màxɔe ase o.
Mele Babiloniatɔwo fɔm ɖe te;
dukɔ nyanyra ma si wɔa nu kabakaba tamemabumabutɔe;
ame siwo azɔ to anyigba blibo la dzi be
woaxɔ nɔƒe siwo menye wo tɔ o.
Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le wo ŋu;
wowɔa nu si dze woawo ŋutɔ ŋu;
wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi.
Woƒe sɔwo ƒua du wu lãkle,
eye wonyrana wu amegaxi le zã me.
Woƒe asrafo sɔdolawo lũna ɖe nu dzi kple kalẽ;
ɖeɖi metea woƒe sɔdolawo ŋu o.
Wosaa agba le futɔwo dzi
abe hɔ̃ si di be yeaƒo nu ene.
Woƒe tameɖoɖo koe nye be woagblẽ nu.
Woƒe amehawo gbɔna kple du abe yaƒoƒo
kple dzo sesẽ le dzogbe ene,
ne woalé aboyomewo woasɔ gbɔ fũu abe ƒutake ene.
10 Woɖua fewu le fiawo kple dumegãwo ŋuti
eye woɖea alɔme le woƒe mɔ sesẽwo ŋuti.
Ɖeko woƒua kpo ɖe woƒe gli sesẽwo ŋuti eye woxɔa dua!
11 Emegbe wohona dzona abe ya si ƒo va yi la ene
gake woƒe nu vɔ̃ do agba ɖe wo dzi
elabena wotsɔ woƒe ŋusẽ wɔ woƒe mawue.”
Habakuk ƒe nyatsɔɖeameŋu evelia
12 O Yehowa, mèli tso mavɔ me ke oa?
Nye Mawu, nye Kɔkɔetɔ la maku o.
O Yehowa, wòe tia wo be woadrɔ̃ ʋɔnu mí.
O Agakpe, wòe ɖo wo be woahe to na mí.
13 Wò ŋkuwo dza ale gbegbe be màte ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi o
eye màte ŋu alɔ̃ nu gbegblẽ hã o;
ke nu ka tae nèɖe mɔ wole nu tovo wɔm?
Nu ka ta nèzi kpi ame vɔ̃ɖiwo mi
ame siwo le dzɔdzɔe wu wo?
14 Èwɔ amewo le abe lã siwo le atsiaƒu me
kple nu gbagbe siwo le atsiaƒu me kplɔla meli na o ene.
15 Futɔ vɔ̃ɖi la ɖe wo katã ɖe go kple ƒu.
Eda ɖɔ na wo eye wòɖe wo ɖe eƒe ɖɔ me
eya tae wòle dzidzɔ kpɔm, le aseye tsom ɖo.
16 Esia ta wòsa vɔ na eƒe ɖɔ,
eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na eƒe asabu,
elabena eƒe ɖɔe na wòle agbe vivi ɖum
eye nuɖuɖu damiwo le eƒe akɔme.
17 Ɖe nàɖe mɔ be woanɔ ɖɔdada dzi
ahatsrɔ̃ dukɔwo nublanuimakpɔtɔea?