3
Baba na Ninive
Baba na du si yɔ fũu kple ʋukɔkɔɖi,
alakpadada kple nuhaha,
eye wògbe asiɖeɖe le nu siwo wòha la ŋu.
Ƒu to anyi nàse ale si sɔƒokawo le gbe dom,
eye tasiaɖamwo ƒe afɔtiwo,
kple sɔwo ƒe afɔkpawo le hoo wɔm esime tasiaɖamwo
le du sim glaŋglaŋglaŋ le mɔtatawo dzi!
Sɔdolawo dze agbo, yiwo le dzo dam,
eye akplɔwo le dzo sim le woƒe asi me!
Ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o,
ame kukuwo sɔ gbɔ taŋtaŋtaŋ,
eye ɖewo tsi wo nɔewo dzi.
Amewo le wo dzi zɔm le anyi dzem,
le fɔfɔm; gale anyi dzem.
Esiawo katã va eme ɖe gbolo ɖeka ƒe gbolowɔwɔ vivivo ta.
Ame si ble afakalawo ƒe amegã nu,
eye wòdo kluvi dukɔwo kple eƒe gbolowɔwɔ hebla amewo
kple eƒe adzewɔwɔ.
 
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be:
“Le esia ta, metsi tsitre ɖe ŋuwò,
azɔ maɖe motsyɔvɔ le mo na wò,
mana dukɔwo nakpɔ wò amame,
eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpe.
Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò,
ado ŋunyɔ wò, eye nàzu nukpɔkpɔ na dukɔwo.
Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo,
eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be,
‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’
Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?”
 
Wòe nyo wu Tebes, si le Nil tɔsisi to,
eye tɔ la ƒo xlãe godoa?
Kus kple Egipte nye eƒe ŋusẽ triakɔ la.
Nenema ke Putitɔwo kple Libiatɔwo
nye eƒe kpeɖeŋutɔwo le aʋa me,
10 gake Tebes dze anyi,
woɖe aboyo emenɔlawo, eye wotsɔ wo viwo
ƒe ta xlã ɖe kpe le mɔtatawo dzi.
Wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzi,
eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.
11 Wò hã àmu aha, asi abe,
eye àdi sitsoƒe le futɔwo ta.
 
12 Wò mɔ sesẽwo katã anɔ abe gboti si dzi
kutsetse ɖiɖiwo le la ene.
Ne woʋuʋu atia la,
kutsetsewo gena ɖe eɖula ƒe nu me.
13 Kpɔ wò asrafowo ɖa,
wo katã wole abe nyɔnuwo ene.
Wò anyigba ƒe agbo anɔ ʋuʋu ɖi siaa
na wò futɔwo, eye dzo afia wò gametiwo.
 
14 Du tsi kɔ ɖi na ɖokuiwò ɖe aʋadzegbe ŋu.
Dzra wò mɔ sesẽwo ƒe gliwo ɖo.
Ge ɖe anyiʋewo me, eye nànya anyi atsɔ tre gli gbagbãwoe.
15 Esi nèle nu siawo wɔm la dzo ava fia wò;
yi alã wò aƒu anyi, eye woaɖu wò
abe ale si ʋetsuvi ɖua nui ene.
Midzi ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene,
misɔ gbɔ ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene.
16 Èdzi wò asitsalawo ɖe edzi va se ɖe
esime wosɔ gbɔ wu ɣletiviwo,
gake ʋetsuviwo aɖu wo,
aɖi gbɔlo anyigba la, eye woadzo adzo.
17 Ŋuwòdzɔlawo asɔ gbɔ abe ʋetsuviwo
ƒe ha gã aɖe ene, eye wò amegãwo asɔ gbɔ
abe ʋetra siwo dze ɖe gli ŋu
le ŋdi me, ke ne ɣe dze ko la,
woadzo adzo, eye teƒe si wonɔ la magadze o ene.
 
18 O Asiria fia, wò kplɔlawo le akɔlɔ̃e dɔm;
wò bubumewo mlɔ anyi le dzudzɔm.
Woakaka wò amewo ɖe towo dzi,
eye ame aɖeke maƒo wo nu ƒu o.
19 Naneke mate ŋu awu abi si nèxɔ la o,
elabena edzi ŋɔ ŋutɔ.
Ame sia ame si ase wò anyidzedze la,
aƒo asikpe ɖe tawò,
elabena ame kae mekpɔ gome le wò
ŋutasesẽ gbogboawo me o?