2
Wogbã Ninive
Ninive, futɔwo ƒe asrafowo ƒo ɖe dziwò vɔ.
Kpɔ wò mɔ sẽsewo ta.
Wò ŋkuwo nenɔ mɔ la ŋu.
Mibla ali dzi sesĩe
eye miƒo aʋawɔlawo nu ƒu.
 
Yehowa agbugbɔ Yakob ƒe atsyɔ̃ nɛ,
eye wòanɔ abe Israel tɔ ene.
Togbɔ be futɔwo gblẽ wò,
Yakob ƒe anyigba,
eye woha wò waingblewo hã.
 
Futɔwo ƒe asrafowo ƒe akpoxɔnu biã dzẽe,
eye wodo awu dzĩ.
Tasiaɖamŋugawo le dzo dam gbe si gbe
wobla akpa na aʋawɔwɔ,
eye kalẽtɔwo le woƒe akplɔwo nyem le yame.
Tasiaɖamwo le zi nyem le mɔtatawo dzi,
eye wole du ƒum le ablɔwo me le yiyim le gbɔgbɔm.
Woƒe dzedzeme le abe akakatiwo ene,
eye wole dzo kem abe dzikedzo ene.
 
Fia la ado ɣli ayɔ eƒe aʋafiawo;
woanɔ du dzi anɔ anyi dzem,
anɔ fɔfɔm be yewoayi aɖaɖo gli sesẽwo,
ale be futɔwo mate ŋu akpɔ mɔ ava o.
Agbo si le tɔsisi la nu la aʋu siaa,
eye fiasã la ƒe gliwo anye kpo, amu adze anyi.
Woɖe gbe be woaɖe aboyo dua me tɔwo.
Eƒe kosiviwo anɔ xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ ene,
eye woanɔ akɔta ƒom.
Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene.
Ne woado ɣli be:
“Mitɔ, mitɔ,”
la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o.
Miha klosalowo!
Mìha sika!
Kesinɔnuwo sɔ gbɔ fũu,
xexlẽme meli na nu xɔasi siawo o.
10 Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ,
wohae eye woɖe amae.
Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa,
ameti blibo la le dzodzom nyanyanya,
eye ŋkume sia ŋkume afu tititi.
 
11 Afi ka dzatawo ƒe do la le azɔ?
Afi si wonyia dzataviwo le,
afi si dzatatsu kple dzatanɔ
kple dzatavi ɖia tsa le vɔvɔ̃manɔmee ɖe?
12 Dzatatsu léa nu si ade viawo kple dzatanɔ nu;
etsɔa nuléleawo yɔa eƒe mlɔƒe kple eƒe dowo me fũu.
 
13 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be:
“Metso ɖe ŋuwò;
matɔ dzo wò tasiaɖamwo,
eye wò dzataviwo atsi yi nu.
Nyemagblẽ ame aɖeke ɖe anyigba dzi nàgada adzoe o,
eye womagase wò ame dɔdɔwo ƒe gbe le teƒe aɖeke azɔ o.”