Nahum
ƒe agbalẽ
1
Esiae nye nyagblɔɖi si Mawu ɖe fia Nyagblɔɖila Nahum, Elkositɔ, le ŋutega me tso nu si ava dzɔ ɖe Ninive dzi la ŋu, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ sia me.
 
Yehowa do dɔmedzoe ɖe Ninive ŋu
Yehowa nye Mawu ʋãŋu kple hlɔ̃biala.
Ebiaa hlɔ̃, eye wòyɔ fũu kple dɔmedzoe.
Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo,
eye wòléa dziku ɖi na eƒe futɔwo.
Yehowa medoa dziku kaɖikaɖi o,
ŋusẽ triakɔ le esi, eye magbe tohehe na agɔdzela o.
Eƒe mɔwo to ahom kple ya sẽsewo me,
eye lilikpowoe nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi.
Eblu ɖe atsiaƒu ta wòmie,
eye wòna tɔsisiwo me ƒu kplakplakpla.
Basan kple Karmel ƒe lãnyiƒe damawo zu gbegbe,
eye Lebanon ƒe ave damawo zu dzogbe.
Towo ʋuʋu kpekpekpe,
eye togbɛwo lolõ gbanaa le eŋkume,
anyigba kple edzinɔlawo katã ʋuʋu le eŋkume.
Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu?
Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe
dɔmedzoe helĩhelĩ la nu?
Ekɔ eƒe dɔmedzoe ɖe anyi abe dzo ene,
eye agakpewo kaka le eŋkume.
 
Yehowa nyo, elabena enye sitsoƒe le xaxa me!
Eléa be na ame si xɔa edzi sena.
Ke atsrɔ̃ Ninive kple tɔɖɔɖɔ,
eye wòanya eƒe futɔwo aɖo ɖe viviti me.
 
Nugbe ɖe sia ɖe si woɖo ɖe Yehowa ŋu la,
mana wòadze edzi o,
ke boŋ gbegblẽ mava na wo zi evelia o.
10 Woabla wo ɖe ŋuve me,
woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu,
eye woabi abe gbe ƒuƒu ene.
11 O Ninive, mewòe ame si ɖo nugbe ɖe Yehowa ŋu,
eye wòɖo aɖaŋu vlo na amewo la do tso.
12 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Togbɔ be wosɔ gbɔ,
eye kpeɖeŋutɔwo le wo si hã la,
wo katã woatsrɔ̃, eye wo nu ava ayi.
O Yuda, togbɔ be mede abi ŋuwò hã la,
nyemagade abi ŋuwò azɔ o.
13 Azɔ la, maŋe kɔkuti le wò kɔ,
eye matu ka wò tso bablawo me.”
 
14 Yehowa de se tso wò Ninive ŋuti be:
“Womayɔ wò ŋkɔ ɖe dzidzime aɖeke ŋuti o.
Mafli miaƒe aklamakpakpɛwo,
eye magbã legba siwo mieli ɖe miaƒe
mawuwo ƒe gbedoxɔ me.
Maɖe yɔdo na mi,
elabena mieganyo na naneke o.”
 
15 Kpɔ ɖa, dɔlawo tso towo dzi gbɔna
kple nya nyui,
eye wole gbeƒã ɖem ŋutifafa!
O Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiwo,
eye nàxe wò adzɔgbeɖefewo.
Ame vɔ̃ɖiwo magava aha wò azɔ o,
elabena woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.