14
Dzimetɔtrɔ si ahe yayra vɛ
O Israel, mitrɔ yi Yehowa,
miaƒe Mawu la gbɔ,
elabena miaƒe nu vɔ̃wo gbã mi gudugudu.
Miva Yehowa gbɔ
kple miaƒe kukuɖeɖe,
eye miagblɔ nɛ be,
“O Yehowa, tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí.
Ve mía nu nàgaxɔ mí,
eye míatsɔ kafukafuvɔsa vɛ na wò.
Asiria mate ŋu axɔ na mí le aʋa me o,
eye míaƒe aʋawɔsɔwo hã mate ŋu aɖe mí o;
míagayɔ legba siwo míewɔ
kple asi la be míaƒe mawuwo azɔ o,
elabena wò Yehowa ɖeɖe gbɔ ko
tsyɔ̃eviwo kpɔa nublanuikpɔkpɔ le.”
 
“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu,
eye magalɔ̃ wo kple dzi faa,
elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.
Manɔ abe ahũdzadza ene na Israel,
aƒo se nyuie abe dzogbenya ene,
eye wòaƒo ke ɖe to abe Lebanon ƒe sedati ene.
Eƒe alɔdzewo atse nyuie,
eƒe dzedzeme anɔ abe amiti ene,
eye eƒe ʋeʋẽ anɔ abe Lebanon ƒe sedati ene.
Amewo aganɔ anyi ɖe eƒe vɔvɔli te bɔkɔɔ,
aʋã abe bli ene,
aƒo se abe wainti ene,
eye axɔ ŋkɔ abe Lebanon ƒe wain ene.
O Efraim! Migbe nu le legbawo gbɔ!
Matɔ nɛ, akpɔ eta.
Mele abe ati dama ene.
Wò nuteƒewɔwɔ tso gbɔnye.”
 
Ame sia ame si si nunya le la,
ase nu siawo gɔme.
Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to,
elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe,
eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi,
ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.