Yoel
ƒe agbalẽ
1
Esiae nye gbedeasi si va na Yoel, Petuel ƒe vi, tso Yehowa gbɔ.
 
Ʋetsuviwo ƒe vava
Miɖo to afii, mi Israel ƒe ame tsitsiwo!
Mi anyigbadzitɔwo, mise nya sia ɖa.
Le miaƒe agbemeŋkekewo katã me ɖe,
miese nya sia tɔgbi kpɔa?
Mitsɔe xlɔ̃ nu mia viwoe
eye woawo hã nagblɔe na wo viwo
ne wòazu xotunya tso dzidzime yi dzidzime.
Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la,
ʋetsuviwo aɖui,
nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la,
ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la,
abɔwo aɖui.
 
Minyɔ, mi ahanomunɔwo,
ne miafa avi hehehe,
mi waintsunolawo,
mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me,
eye miagakpɔ wain yeye ano o!
Dukɔ gã aɖe va xɔ anyigba la katã dzi.
Ŋɔdzi le wo ŋu ŋutɔ
eye ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o,
evɔ woƒe aɖuwo hã le ɖaɖam abe dzatatsu ƒe aɖuwo
kple dzatanɔ ƒe tsyowo ene!
Wogblẽ nye waingble dome.
Wogblẽ nye gbotiwo,
wokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie.
 
Mifa konyi abe ale si ɖetugbi si
ƒe ŋugbetɔsrɔ̃ ku la wɔnɛ ene.
Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me nu tso;
ale dɔwuame to na nunɔlaawo
kple ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me
eye wole konyi fam.
10 Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla,
bliwo dome gblẽ,
wain yeye megali o, eye ami hã nu tso.
 
11 Azɔ mi agbledelawo,
dzika netso mia ƒo, eye mialulũ,
mi waingbledelawo,
mifa avi sesĩe.
Mifa avi ɖe lu kple ƒo hã ta
elabena nuŋeŋe nu tso le agble me.
12 Wainkawo ku, gboti yrɔ,
yevuboɖatiwo ƒu,
detiwo kple atɔtɔŋutiwo
kple agblemetiwo katã kura hã ku.
Amegbetɔ ƒe dzidzɔ ɖe sia ɖe nu tso.
Yɔyɔ hena dzimetɔtrɔ
13 O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu.
Mifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ,
mitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã,
mi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume.
Elabena womagatsɔ nuɖuvɔsa
kple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o.
14 Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe
eye miyɔ takpekpe tɔxɛ.
Miyɔ ame tsitsiwo
kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la
ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.
 
15 O ŋkeke ma!
Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.
Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
 
16 Ɖe nuɖuɖuwo mevɔ le mia ŋkume eye dzidzɔ
kple aseyetsotso le miaƒe Mawu la
ƒe gbedoxɔ me mawu enu oa?
17 Nukuwo ƒaƒã ɖe woƒe gowo me,
blivawo kple texɔwo tsi ƒuƒlu
eye bli matsimatsiwo ku, heƒu ɖe bo dzi.
18 Nyiwo le ŋeŋem,
nyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe,
elabena nuɖuɖu meli na wo o,
eye alẽhawo le fu kpem.
 
19 Yehowa, xɔ na mí!
Elabena dzo bi gbe damawo,
eye dzo ƒe aɖe fia atiwo katã le gbedzi.
20 Gbemelãwo gɔ̃ hã le ɣli dom be nàxɔ na yewo,
elabena tsi mie le tɔʋuwo me,
dzo bi gbe siwo le lãnyiƒewo keŋ.