2
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, abe ame si xɔ míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo dzi se ene la, migakpɔ ame ŋkume o. Mítsɔe be ame aɖe va míaƒe ƒuƒoƒe, eye wòde sikasigɛ nyuitɔ, heta avɔ xɔasi, eye ame dahe si do awu vuvu hã ge ɖe sɔlemexɔa me. Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be, “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Nɔ anyigba le nye afɔ nu” la, ɖe miede vovototo ameawo me le mia dome, eye miezu ʋɔnudrɔ̃la siwo me susu vɔ̃ɖiwo le o mahã?
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me, eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã? Ke miawo la, miedoa vlo ame dahewo. Ɖe menye kesinɔtɔwoe le mia bam oa? Alo menye woawo kee hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã? Ɖe menye woawoe le ɖi ƒom ame si ŋu bubuŋkɔ le, ame si tɔ mienye la oa?
Ne mielé sedede si le mawunya me, esi gblɔ be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene” ɖe asi la, miele nu dzɔdzɔetɔ wɔm. Ke ne miele ame ŋkume kpɔm la, miewɔ nu vɔ̃, eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo.
Ameŋkumekpɔkpɔ meganɔ mia dome o
10 Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã dzi, 11 elabena ame si de se be, “Mègawɔ ahasi o” la, eya kee de se be, “Mègawu ame o.” Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala. 12 Miaƒe nuƒo kple agbenɔnɔ naɖee fia be wole ʋɔnu drɔ̃ ge mi kple se si naa ablɔɖe. 13 Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.
14 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ be xɔse le ye si, evɔ la, dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? Ɖe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖeea? 15 Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li, esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o. 16 Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi le ŋutifafa me, naƒu dzo, eye nàɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wònye? 17 Nenema kee nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.
18 Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me. 19 Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li. Enyo, gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se nenema, eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃.
20 Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse dɔwɔwɔ manɔmee nye xɔse kukua? 21 Ɖe womebu mía tɔgbui Abraham be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòtsɔ via Isak be yeasa vɔe na Mawu oa? 22 Edze ƒãa be xɔse wɔ dɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, ale be eƒe xɔse de blibo to nu si wòwɔ la me. 23 Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ” la dzi, eye woyɔe be Mawu xɔlɔ̃. 24 Edze ƒãa be menye ame ƒe xɔse ɖeɖe koe wotsɔna tsoa afia nɛ o, ke boŋ dɔ siwo wòwɔ hã kpena ɖe eŋu.
25 Nenema ke, ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ, esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ, eye wòna woto mɔ bubu dzo oa? 26 Ale si ŋutilã gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔmee hã nye nu kuku.