3
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia dometɔ geɖewo megabu wo ɖokuiwo nufialawoe o, elabena mienyae be mí ame siwo nye nufialawo la, woadrɔ̃ ʋɔnu mí vevie wu ame bubuwo. Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame si de blibo, ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la.
Numega sue si míedea sɔwo ƒe nu me la, eyae nana be woɖoa to mí, eye míetea ŋu trɔa lã blibo la ɖe afi sia afi. Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ be wololo gãa, eye ya sesẽwo hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola la zãna, tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi la. Nenema ke, ame ƒe aɖe nye ŋutinu sue aɖe ko, gake etea ŋu ƒoa adegbe gã. Mikpɔ ale si dzoxi sue aɖe tea ŋu tɔa dzo ave gãwoe la ɖa. Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔ blibo la, eye mlɔeba la, wòtɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzomavɔʋe me.
Amegbetɔ ate ŋu amla lã ɖe sia ɖe ƒomevi, xeviwo, nutatawo kple tɔmelãwo siaa, gake ame aɖeke mate ŋu amla ame ƒe aɖe o. Enye aɖi vɔ̃ɖi si dzi womate ŋu aɖu o.
Míetsɔa míaƒe aɖe kafua míaƒe Aƒetɔ kple Fofo la, eye míegatsɔa aɖe ma ke ƒoa fi dea amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me. 10 Kafukafu kple fiƒode dona tso ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o. 11 Ɖe vudo ɖeka ate ŋu adzi tsi vivi kple dzetsia? 12 Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amikutsetsewo alo wainka ate ŋu atse gbowoa? Gbeɖe, dzetsivudo hã mate ŋu adzi tsi vivi o.
Nunya ƒomevi eve
13 Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Neɖee fia to agbe nyui nɔnɔ kple dɔ siwo wòwɔ le ɖokuibɔbɔ si tsoa nunya me la me. 14 Ke ne míaƒe dzi yɔ fũu kple ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple ɖokuitɔdidi la, esia meganye adegbe míanɔ ƒoƒom alo agbe nyateƒe la o. 15 “Nunya” sia tɔgbi metso dziƒo o, ke boŋ etso anyigba dzi afi sia, eye wònye nu si tso Abosam gbɔ, eye eŋuti mekɔ o, 16 elabena afi si ŋuʋaʋã kple ɖokuitɔdidi vivivo le la, afi ma masɔmasɔ kple nu vlo ɖe sia ɖe wɔwɔ nɔna.
17 Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe. 18 Ŋutifafame siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse.