4
Nu siwo hea avuwɔwɔ vanɛ
Nu kae hea avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ vaa mia dome? Ɖe menye miaƒe dzimedidi siwo le aʋa wɔm le mia me lae oa? Miedia nu, gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre, eye miewɔa avu hã, gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o. Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mía ɖokuiwo.
Mi ahasiwɔlawo! Ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ xexea me la, ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la nye Mawu ƒe futɔ. Alo ɖe miesusu be dzodzroe mawunya gblɔ be gbɔgbɔ si wòde mía me la ʋãa ŋu veviea? Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be,
“Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu,
ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.”
Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋuti, ekema asi le mia nu. Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me. Milé blanui, mifa konyi, eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu blanuiléle. 10 Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la, ekema ado mi ɖe dzi.
11 Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o, ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃m se la. 12 Senala kple ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li, ame si tea ŋu ɖea ame, eye wotsrɔ̃a ame hã. Ke wò la, ame ka nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu hawòvi?
Adegbeƒoƒo le etsɔ si gbɔna ŋuti
13 Azɔ la, miɖo to nyuie, mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Egbe alo etsɔ míayi du si alo ekemɛ me, anɔ anyi ƒe ɖeka, atsa asi, eye míakpɔ ga.” 14 Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene. 15 Ke boŋ migblɔ be, “Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si kple ekemɛ.” 16 Ke nu si miewɔna la nye dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒuƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃, 17 eya ta ne ame aɖe nya nu nyui si wòle be wòawɔ, gake mewɔe o la, ewɔ nu vɔ̃.