3
“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a,
eye nyɔnu la dzo ɖaɖe ŋutsu bubu ɖe,
ɖe wòle be ŋutsu gbãtɔ nagatrɔ ayi ɖe nyɔnu la gbɔa?
Ɖe womagblẽ kɔ ɖo na anyigba la keŋkeŋ oa?
Ke wò la, ènɔ agbe abe gbolo ene kple lɔlɔ̃tɔ geɖewo.
Ɖe nàtrɔ ava gbɔnye azɔa?”
Yehowae gblɔe.
“Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa.
Teƒe aɖe li si womedɔ kpli wò le oa?
Ènɔ anyi ɖe mɔto henɔ ŋutsuwo lalam.
Ènɔ anyi abe Arabiatɔwoe nɔ anyi ɖe gbegbe ene.
Ètsɔ wò gbolowɔwɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do gu anyigba la.
Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi
eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o.
Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò
eye ŋu gbe wò kpekpe.
Menye fifi laa koe nèyɔm be,
‘Fofonye kple xɔ̃nye, tso nye ɖekakpuime ke’ oa?
‘Ɖe nàkpɔ dziku ɖaa?
Ɖe wò dɔmedzoe helĩhelĩ anɔ anyi tegbea?’
Aleae nèƒoa nu gake hewɔa nu tovo
siwo katã nàte ŋui.”
Israel nuteƒemawɔla
Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma. Mebui be esi wòwɔ esiawo katã vɔ la, atrɔ ava gbɔnye gake mewɔe o eye nɔvia nyɔnu godzela, Yuda hã kpɔe. Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi. Esi Israel ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ nye nu tsɛ aɖe ko le eya gbɔ ta la, edo gu anyigba la eye wòwɔ ahasi kple ati kple kpe. 10 Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu.” Yehowae gblɔe.
11 Yehowa gblɔ nam be, “Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la. 12 Yi, nàɖe gbeƒã nya sia ɖo ɖe anyiehe gome. Yehowa be,
“ ‘Xɔsemanɔsitɔ Israel trɔ gbɔ.
Nyemagahe nya ɖe ŋuwò azɔ o
elabena nublanuikpɔlae menye
eye nyemado dziku tegbee o.’ Yehowae gblɔe.
13 ‘Wò ya, dze si wò vodada
elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu;
ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo
le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’ ”
Yehowae gblɔe.
14 Yehowa be, “Mi xɔsemanɔsitɔwo, mitrɔ gbɔ, elabena nyee nye mia srɔ̃. Matia mi, ame ɖeka tso du ɖe sia ɖe me, ame eve tso to ɖe sia ɖe me ahaƒo ƒu mi ɖe Zion. 15 Ekema mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, ame siwo akplɔ mi le nunya kple nugɔmesese me. 16 Le ŋkeke mawo me, ne miedzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi la, amewo magagblɔ azɔ be, ‘Yehowa ƒe nubablaɖaka o. Mage ɖe woƒe susu me alo woaɖo ŋku edzi o; womagabia eta ase alo awɔ bubu o.’ Yehowae gblɔe. 17 Le ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be, Yehowa Ƒe Fiazikpui eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe Yerusalem be woade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Womagadze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ yome o. 18 Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”
19 Yehowa be, “Nye ŋutɔe gblɔ be,
“ ‘Matsɔ dzidzɔ alé be na mi abe viŋutsuwo ene
eye matsɔ anyigba nyui aɖe ana mi, domenyinu nyuitɔ kekeake
si dukɔ aɖe ate ŋu akpɔ.’
Mebu be miayɔm be, ‘Fofonye’
eye miatrɔ le yonyeme o.
20 Gake, abe nyɔnu si meto nyateƒe na srɔ̃a o ene la,
nenemae miawo hã mieto nyateƒe nam o, O Israel ƒe aƒe.”
 
21 Wose avi le to ƒuƒluwo dzi,
Israelviwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒoe
elabena woglɔ̃ woƒe mɔwo
eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be.
 
22 “Mitrɔ gbɔ, mi megbedelawo,
mayɔ dɔ mi tso miaƒe megbedede me.”
 
“Ɛ̃, míava gbɔwò,
elabena wòe nye Yehowa,
míaƒe Mawu.
23 Vavãe, legbasubɔsubɔ ƒe hoowɔwɔ le togbɛwo dzi
kple towo tame nye beble sɔŋ ko.
Enye nyateƒe be Yehowa,
míaƒe Mawu lae nye Israel ƒe xɔnametɔ.
24 Tso míaƒe ɖekakpuime ke,
ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo
ƒe agbagbadzedze ƒe kutsetsewo,
woƒe alẽhawo, woƒe nyihawo,
wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo.
25 Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me
eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi.
Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa,
míaƒe Mawu la ŋu,
míawo kple mía fofowo siaa,
tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia,
míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”