4
Yehowa be,
“O Israel, ne miatrɔ la,
ekema mitrɔ va gbɔnye ne
mieɖe miaƒe legba nyɔŋuawo ɖa
le nye ŋkuta eye miagatra mɔ o.
Ne mieta nu be
‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe,
kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la,
ekema ayra dukɔwo eye
le eya amea mee woaƒo adegbe le.”
Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi:
“Miŋlɔ agble yeye,
migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o.
Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo,
mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa.
Mitso aʋa na miaƒe dziwo,
ne menye nenema o la,
nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene
eye ame aɖeke mate ŋu atsii o,
ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”
Gbegblẽ tso dzigbeme
“Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo
le Yerusalem gblɔ be,
‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’
Mido ɣli sesĩe be,
‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’
Mikɔ aflaga dzi ɖo ɖe Zion!
Misi yi sitsoƒe, migatɔ o!
Elabena mehe gbegblẽ tso anyiehe gbɔnae,
gbegblẽ si teƒe makɔ o.”
 
“Dzata aɖe do tso eƒe do me,
dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ.
Etso le enɔƒe be wòava wɔ
miaƒe anyigba wòazu gbegbe,
ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowo
eye amewo manɔ wo me o.
Eya ta mita akpanya,
mifa konyi eye mifa avi sesĩe,
elabena Yehowa ƒe dziku sesẽ la medzo le mía dzi o.”
 
Yehowa be,
“Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia la
kple eƒe dumegãwo ƒo,
ŋɔdzi alé Nunɔlawo
eye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te.”
10 Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.”
11 Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, “Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o. 12 Ya sia sẽ ŋutɔ elabena etso gbɔnye. Azɔ la, mehe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzii.”
13 Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene,
eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene
eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo.
Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ!
14 O Yerusalem, klɔ nu tovo ɖa
le wò dzi ŋu be nàkpɔ xɔxɔ.
Va se ɖe ɣe ka ɣie susu vɔ̃ɖi anɔ mewò?
15 Gbe aɖe le gbeƒã ɖem tso Dan.
Ele kpo dom gbegblẽ si tso
Efraim togbɛwo dzi gbɔna.
16 “Migblɔ nya sia na dukɔwo,
miɖe gbeƒãe na Yerusalem be,
‘Asrafo siwo ɖea to ɖe duwo la gbɔna tso
adzɔgenyigba aɖe dzi;
wole aʋaɣli dom ɖe Yuda ƒe duwo ŋuti.
17 Woɖe to ɖee abe agbleŋudzɔlawo ene
elabena edze aglã ɖe ŋunye.’ ”
Yehowae gblɔe.
18 “Wò ŋutɔ wò afɔɖeɖewo
kple nuwɔnawoe he esia va dziwòe.
Esiae nye wò tohehe.
Aleke wòahave wòe!
Aleke wòahaƒo ɖe wò dzii!”
 
19 O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo!
Mele ŋeŋem le vevesese me.
O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam!
Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o,
elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi,
mese aʋaɣlidodo.
20 Gbegblẽ kplɔ gbegblẽ ɖo
eye anyigba blibo la zu aƒedo.
Enumake wogbã nye agbadɔwo
eye le aɖabaƒoƒo ɖeka me wogbã nye aƒe.
21 Va se ɖe ɣe ka ɣie makpɔ aflaga, ase aʋakpẽ?
 
22 “Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o.
Wole abe ɖevi abunɛtɔwo ene
elabena womenyam o.
Wobi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me
eye womenya nu nyui wɔwɔ o.”
 
23 Metsa ŋku le anyigba dzi,
ele nyamaa, le ƒuƒlu.
Mewu mo dzi kpɔ dziƒo
gake woƒe kekeli megali o.
24 Mewu mo dzi kpɔ towo,
wole dzodzom kpekpekpe
eye togbɛwo katã le ʋuʋum.
25 Metsa ŋku ke nyemekpɔ ame aɖeke o.
Xevi ɖe sia ɖe si le yame gɔ̃ hã dzo dzo.
26 Menye kɔ eye mekpɔ anyigba nyonu la zu gbegbe;
eƒe duwo katã hã zu aƒedo le Yehowa ŋkume
le eƒe dziku helĩhelĩ la ta.
27 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Anyigba blibo la azu aƒedo,
gake nyemagblẽe gbidigbidi o.
28 Eya ta anyigba axa nu
eye dziƒo ado viviti elabena meƒo nu
eye nyemagbe edziwɔwɔ o.
Meɖo ta me eye nyematrɔ susu o.”
 
29 Du sia du lé du tsɔ esi wose sɔwo
kple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ.
Ame aɖewo yi ɖabe ɖe ave dodowo me,
eye ɖewo lia agakpewo.
Duwo katã me ɖi gbɔlo:
ame aɖeke megale wo me o.
 
30 O, wò ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle?
Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do?
Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo?
Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò.
Wò lɔlɔ̃tɔwo do vlo wò
eye wole wò agbe yome tim.
 
31 Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu
si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene.
Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ
eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be,
“Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm;
wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”