5
Ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele dzɔdzɔe o
“Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo,
mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋuti
eye miatsa to eƒe ablɔwo dzi.
Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia.
Togbɔ be wogblɔ be,
‘Meta Yehowa ƒe agbe’ hã la,
wole nu tam alakpatɔe kokoko.”
 
O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa?
ȃo wo gake womese veve o,
ègbã wo nyanyanya gake womese veve o,
ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ.
Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ.
Mebui be,
“Ame siawo la, ame dahewo ko wonye.
Wonye movitɔwo hã elabena womenya Yehowa ƒe mɔ
kple woƒe Mawu la ƒe didiwo o.
Eya ta mayi ɖe woƒe kplɔlawo gbɔ, aƒo nu na wo;
woawo ya nya Yehowa ƒe mɔ
kple woƒe Mawu la ƒe didiwo godoo.”
Gake woawo hã tsɔ lɔlɔ̃nu ɖeka ŋe kɔkuti la ɖa
eye wotu kɔsasawo.
Eya ta dzata ado tso ave me ava dze wo dzi,
amegaxi ado tso gbegbe avuvu wo,
eye lãkle ava de xa ɖe woƒe duwo ƒe gbɔto, be
wòavuvu ame si ake atse ado go la ʋayaʋaya,
elabena woƒe aglãdzedze lolo, eye woƒe megbededewo sɔ gbɔ.
 
“Nu ka ta matsɔe ake mi ɖo?
Mia viwo gbem, eye wota mawu
siwo menye mawu o
togbɔ be mekpɔ woƒe hiahiãwo katã gbɔ na wo hã la,
wogayi ɖawɔ ahasi, eye woƒo ta kpli ɖe gboloxɔwo me.
Woɖi ƒo nyuie abe sɔtsu siwo le asi yɔm la ene,
ɖe sia ɖe le gbe tem ɖe ame bubu srɔ̃ ŋu.
Ɖe mele be mahe to na wo ɖe esia ta oa?
Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?”
Yehowae gblɔe.
 
10 “Mige ɖe eƒe waingblewo me
eye mialã woƒe wainkawo.
Ke migagblẽ wo gbidigbidi o.
Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o.
11 Israel kple Yuda ƒe aƒewo meto nyateƒe nam kura o.”
Yehowae gblɔe.
 
12 Woda alakpa tso Yehowa ŋu hegblɔ bena,
“Mawɔ naneke o!
Vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o eye míakpɔ dɔwuame
alo yi ƒe ŋkume gbeɖe o.
13 Nyagblɔɖilawo la,
ya ko wonye eye nya la mele wo me o,
eya ta, na woawɔ nu si wogblɔ la na wo.”
14 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la,
mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me
eye dukɔ la anye nake si wòabi.”
15 Yehowa be, “O Israel ƒe aƒe,
mele dukɔ aɖe kplɔ ge atso didiƒe ava ƒo ɖe dziwò, blemadukɔ si li tegbee, dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ mènya o,
eye mèse egɔme hã o.
16 Woƒe daku le abe yɔdo si le nuvo la ene.
Wo katã wonye aʋawɔla kalẽtɔwo.
17 Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu,
woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo.
Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo,
eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo.
Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.”
18 Yehowa be, “Ke le ɣe ma ɣi hã la, nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o. 19 Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’
20 “Ɖe gbeƒã nya sia na Yakob ƒe aƒe la
eye nàdo kpo le Yuda.
21 ‘Mise nya sia, mi bometsilawo kple susumanɔsitɔwo,
ame siwo ŋku li na, gake womekpɔa nu o,
ame siwo to li na, gake womesea nu o.’
22 Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa?
Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu,
wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o.
Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o.
Woadze agbo gake womate ŋui o.
Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.
23 Ke dukɔ sia la, dzi sesẽ,
dzeaglãe li na wo.
Wodze ɖe aga, eye wotra mɔ.’
24 Womegblɔna na wo nɔewo be,
‘Mina míavɔ̃ Yehowa, míaƒe Mawu la,
ame si naa adametsi kple kelemetsi dzana na mí
le edzaɣi eye wòkana ɖe nuŋeɣi ƒe
kɔsiɖawo dzi na mí’ la o.
25 Miaƒe nu tovowo wɔwɔe xe mɔ na nu siawo katã,
eye miaƒe nu vɔ̃wo te nu nyuiwo mi.
 
26 “Ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ me,
ame siwo de xa abe ale si ŋutsu
siwo trea mɔ na xeviwo wɔnɛ ene
eye wole abe ŋutsu siwo trea mɔ na amewo ene.
27 Abe ale si xeviwo yɔa xadzanu fũu ene la,
nenema woƒe aƒewo yɔ taŋ kple beble.
Ale wova zu kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo,
28 eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã.
Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o,
womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o,
eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.”
29 Yehowa be,
“Ɖe nyemahe to na wo le esia ta oa?
Ɖe nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?
 
30 “Ŋɔdzinu kple dzigbãnu aɖe dzɔ le anyigba dzi.
31 Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi.
Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me
eye wòdze nye dukɔ ŋu alea.
Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”