6
Woɖe to ɖe Yerusalem
“Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo!
Misi tso Yerusalem!
Miku kpẽ le Tekoa!
Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem!
Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ
aɖe zɔ tso anyiehe gbɔna.
Magblẽ Zion vinyɔnu si dze tugbe nyuie
hele wusewuse la dome.
Alẽkplɔlawo kple woƒe alẽhawo atso ɖe eŋuti,
woava tu woƒe agbadɔwo aƒo xlãe,
ɖe sia ɖe axɔ teƒe si wòanyi eƒe lãhawo le.”
 
“Midzra ɖo, miawɔ aʋa kplii!
Mitso, mina míadze aʋa le ŋdɔ me, gake ao,
ŋkeke le bubum eye ɣetrɔ ƒe vɔvɔli le ɖiɖim ɖe edzi.
Eya ta mitso ne míadze aʋa le zã me
ne miagbã eƒe mɔ sesẽwo!”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu.
Ele be woahe to na du sia
elabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ.
Abe ale si vudo dzia tsii ene la,
nenema eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le dzidzimii.
Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe eme.
Eƒe dɔléle kple abiwo le nye ŋkume ɖaa.
Oo, Yerusalem,
se nyagbename, ne menye nenema o la,
matrɔ adzo le gbɔwò, eye mawɔ wò anyigba
wòazu gbegbe, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ edzi o.”
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
gblɔe nye si,
“Mina ne woaxa Israel ƒe ame susɔeawo
abe ale si woxaa waintsetse
le kawo ŋu ƒiaƒiaƒiae ene.
Gatsɔ wò asiwo lili kawo ŋu
abe ame si le wain gbem la ene.”
 
10 Ame ka maƒo nu na, eye mana nuxɔxlɔ̃e?
Ame ka aɖo tom?
Woƒe towo xe, eya ta womate ŋu ase nu o.
Yehowa ƒe nya vea dɔ me na wo
eye womedinɛ be yewoase o.
11 Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la yɔm fũu
eye nyemate ŋu atu nu ɖe enu o.
 
“Trɔe kɔ ɖe ɖevi siwo le mɔtata dzi
kple ɖekakpui siwo ƒo ta kpli la dzi,
akɔ ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa dzi.
Nenema kee wòanɔ na ametsitsi
siwo do dɔgɔ̃e le ƒe geɖe xɔxɔ ta.
12 Woatsɔ woƒe aƒewo ana ame bubuwo hekpe ɖe woƒe agblewo
kple wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu,
ne medo nye asi ɖa ɖe ame siwo
le anyigba dzi la ŋuti.”
Yehowae gblɔe.
13 “Elabena wo katã wonye ŋuklẽlawo ɖe viɖe ŋuti,
tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,
nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye alakpatɔwo.
14 Wobla abi na nye dukɔ abe ɖe menye
abi gã aɖeke wònye o ene.
Wole gbɔgblɔm be,
‘Ŋutifafa, ŋutifafa.’
Evɔ la, ŋutifafa aɖeke meli hafi o.
15 Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la,
le ŋu kpem na woa?
Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o,
eye womenya ale si woƒe
mo natsi dãae gɔ̃ hã o.
Eya ta woatsi aʋatsilawo dome.
Ne mele to hem na wo la,
woaƒo wo aƒu anyi.”
Yehowae gblɔe.
16 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo
ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu.
Mibia blemamɔwo ta se,
mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi,
eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme.
Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’
17 Meɖo gbetakpɔlawo na mi hegblɔ na mi be,
‘Miɖo to kpẽ la ƒe ɖiɖi!’
Gake miegblɔ be,
‘Míaɖo to o.’
18 Eya ta miesee o. Oo, mi dukɔwo, Oo ɖasefowo,
milé ŋku ɖe nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu.
19 Oo, anyigba, see.
Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi,
esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu,
elabena womeɖo to nye nyawo o,
eye wogbe nye se dzi wɔwɔ.
20 Nu ka dzudzɔʋeʋĩdonu si tso Seba nye nam
alo gbeʋeʋĩ si tso didiƒenyigba dzi la awɔ nam?
Miaƒe numevɔsawo medze ŋunye o
eye miaƒe akpedavɔsawo medo dzidzɔ nam o.”
21 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa, matsɔ nukikliwo ada ɖe dukɔ sia ŋgɔ.
Fofowo kple viŋutsuwo siaa akli wo adze anyi
eye aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo hã atsrɔ̃.”
22 Ale Yehowa gblɔe nye si,
“Kpɔ ɖa asrafoha gã aɖe
tso anyiehenyigba dzi gbɔna.
Wonye dukɔ xɔŋkɔ aɖe tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
23 Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ.
Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o.
Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la,
woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene.
Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be
woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Zion vinyɔnu.
 
24 “Míese nutsotso geɖe tso wo ŋu
eya ta míaƒe alɔwo ku ɖe mia ŋu.
Ŋɔdzi lé mí eye míese veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.
25 Migado yi ɖe agble alo azɔ le mɔtatawo dzi o,
elabena yi le futɔ la si eye ŋɔdzi ƒo xlã mi kpe ɖo.
26 Oo, nye dukɔ, mita akpanya,
miamli le dzofi me.
Fa konyi vevie kple ɣli abe
ame si viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ ku na la ene,
elabena nugblẽla la ava ƒo ɖe
mía dzi zi ɖeka kpoyi!
 
27 “Metsɔ wò ɖo galolõlae eye nye dukɔe
nye ga si lolõ ge woala,
be nànya, eye nàdo woƒe mɔwo kpɔ.
28 Wo katã nye aglãdzela vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo.
Wole tsatsam be woagblẽ ame ŋu.
Wole abe akɔbli kple gayibɔ ene.
Ame dovowoe wo katã wonye.
29 Wole ʋu yɔm kple ŋusẽ be
woafia nu manyomanyo la le gadzẽ la me,
gake wowɔe ʋuu do kpoe.
Elabena womayɔ ʋu ɖe ame vɔ̃ɖi te wòatrɔ o.
30 Woyɔa wo be klosalo si wogbe,
elabena Yehowa gbe nu le wo gbɔ.”