8
“Yehowa be, ‘Le ɣe ma ɣi la, Yuda fiawo kple woƒe dumegãwo ƒe ƒuwo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo ƒe ƒuwo kple Yerusalem nɔlawo ƒe ƒuwo la, woaɖe wo le woƒe yɔdowo me. Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba. Afi sia afi si manya wo aɖo ɖo la, dukɔ vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlɛawo adi ku wu agbe.’ ” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Nu vɔ̃ kple tohehe
Gblɔ na wo be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Ne amewo dze anyi la, ɖe womegafɔna oa?
Ne wotra mɔ la, ɖe womegatrɔna gbɔna oa?
Ekema nu ka ta ame siawo trɔ dzo ɖo?
Nu ka ta Yerusalem le megbe dem ɣe sia ɣi?
Woku ɖe beble ŋuti
eye wogbe be yewomatrɔ o.
Meɖo to nyuie,
gake womele nu si le eteƒe la gblɔm o.
Ame ɖeka pɛ hã meli si eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi venɛ,
eye wògblɔna be, “Nu kae nye esi mehewɔ o?”
Ame sia ame lé eƒe mɔ tsɔ
abe sɔe lũ ɖe aʋa me ene.
Akpaviã le yame ke hã
nya eƒe azãgbewo,
akpakpa, sagbadre kple tsalĩ,
nya ɣeyiɣi si wòle be woaʋu adzo.
Gake nye dukɔ ya menya
Yehowa ƒe ɖoɖowo o.
 
“ ‘Aleke wɔ miate ŋu agblɔ be, “Míenye nunyalawo,
elabena Yehowa ƒe se la le mía si,”
evɔ le nyateƒe me, agbalẽfialawo ƒe nuŋlɔti
trɔe wòzu aʋatso’ o?
Ŋu akpe nunyalawo, woƒe mo atsi dãa,
eye mɔ aɖe wo.
Esi wogbe Yehowa ƒe nya la,
nunya ka ƒomevie le wo si?
10 Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwo
eye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo.
Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,
wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu.
Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa
nye ameblelawo.
11 Wobla abi na nye dukɔ
abe ɖe menye abi gã aɖeke wònye o ene.
Wole gbɔgblɔm be, ‘Ŋutifafa, ŋutifafa’,
evɔ wòhenye ŋutifafa aɖeke meli o hafi.
12 Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao,
ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o
eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o.
Eya ta woatsi aʋatsilawo dome.
Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.”
Yehowae gblɔe.
 
13 Yehowa be,
“Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si.
Wainkawo agbe tsetse,
gbo matse ɖe gbotiwo dzi o
eye woƒe aŋgbawo ayrɔ.
Nu si matsɔ na wo la
woaxɔ wo le wo si.”
 
14 “Nu ka ta mienɔ anyi ɖe afi sia ɖo?
Miƒo ƒu!
Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me
ne míatsrɔ̃ ɖe afi ma!
Elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖoe ɖi be miatsrɔ̃
eye wotsɔ aɖitsi na mí be miano
elabena míewɔ nu vɔ̃.
15 Míekpɔ mɔ na ŋutifafa
gake nu nyui aɖeke meva o.
Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ
gake ŋɔdzi koe li.
16 Wose futɔ la ƒe sɔwo ƒe afɔzi
le keke Dan.
Ne woƒe sɔwo xlɔ̃ ko la,
anyigba katã nyea zi.
Wova be woaʋuʋu anyigba
kple nu siwo katã le edzi,
du la kple emenɔlawo katã.”
 
17 “Kpɔ ɖa, madɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe mia dome.
Da siwo miate ŋu asa gbe ade o
eye woaɖu mi.”
Yehowae gblɔe.
 
18 Oo, nye Akɔfala le xaxa me.
Nu te nye dzi ŋu le menye.
19 Ɖo to nye dukɔ ƒe avifafa
tso anyigba didi aɖe dzi,
“Ɖe Yehowa mele Zion oa?
Ɖe Fia la megale afi ma oa?”
 
“Nu ka ta wotsɔ woƒe aklamakpakpɛwo kple dutalegba maɖinuwo
do dziku nam ɖo?”
 
20 “Nuŋeɣi va yi,
eye dzomeŋɔli hã va yi,
gake womeɖe mi o.”
 
21 Esi wogbã nye dukɔ ta la, nye hã megbã,
mexa nu eye dzidzi ƒom.
22 Ɖe dɔyɔmi mele Gilead oa?
Gbedala aɖeke mele afi ma oa?
Ke nu ka ta nye dukɔ ƒe abi
mele kukum o?