9
Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe
eye nye ŋkuwo anye aɖatsivudo la,
mafa avi zã kple keli na nye dukɔ
ƒe ame siwo wowu.
Oo, ɖe dzeƒe le asinye le gbegbe na mɔzɔlawo,
anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi adzo le wo gbɔ,
elabena wo katã wonye ahasiwɔlawo,
ameha siwo nye nu tovo wɔlawo sɔŋ.
 
Yehowa be,
“Wovua woƒe aɖewo abe dati ene
ne woada alakpaŋutrɔ.
Menye nyateƒee wotsɔ le dzi ɖum
le anyigba la dzi o.
Wotsoa nu vɔ̃ ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ
eye womenyam o.
Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu.
Megaka ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi o,
elabena nɔvi ɖe sia ɖe nye ameblela
eye xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe nye ameŋugblẽla.
Xɔlɔ̃ blea xɔlɔ̃ eye ame aɖeke metoa nyateƒe o.
Wofia aʋatsokaka woƒe aɖewo
eye woɖea fu na wo ɖokuiwo vevie
kple nu vɔ̃ wɔwɔ.
Amebeble le gã dom ɖe edzi.
Le woƒe amebeble ta la,
wogbe sidzedzem.”
Yehowae gblɔe.
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Kpɔ ɖa malolõ wo ado wo akpɔ,
elabena nu bubu ka mawɔ
le nye dukɔ ƒe nu vɔ̃ ta?
Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene,
elabena woƒoa nu bebletɔe,
ame sia ame tsɔa eƒe nu ƒoa nu na ehavi bubutɔe,
gake le eƒe dzi me la, etre mɔ ɖi nɛ.
Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa?
Ɖe mele be mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbi oa?’
 
10 “Mafa avi ado ɣli na towo,
eye madzi konyifaha ɖe gbegbelãnyiƒewo ŋu.
Elabena wozu gbegbe,
ame aɖeke mato afi ma ayi o
eye womagase nyiwo ƒe xɔxlɔ̃ le afi ma o,
dziƒoxewo gɔ̃ hã si dzo eye gbemelãwo hã si.
 
11 “Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe
kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo
woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.”
12 Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene?
13 Yehowa be, “Elabena wogblẽ nye se si metsɔ ɖo woƒe ŋkume la ɖi. Womeɖo tom alo wɔ nye se dzi o. 14 Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.” 15 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi. 16 Makaka wo ɖe dukɔwo dome, dukɔ siwo woawo ŋutɔ alo wo fofowo menya o eye mati wo yome kple yi va se ɖe esime metsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”
17 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
“Mibu eŋuti azɔ! Miyɔ nyɔnu avihadzilawo vɛ.
Miyɔ esiwo tea ŋu dzinɛ nyuie.
18 Mina woava kaba ne woadzi aviha na mí
va se ɖe esime aɖatsi nalolõ ɖe ŋku dzi na mí,
eye aɖatsi nado bababa tso míaƒe ŋku me.
19 Wose aviɣli le Zion.
‘Aleke wohetsrɔ̃ mí ale!
Aleke míaƒe ŋukpe lolo ale!
Ele be míadzo le míaƒe anyigba dzi,
elabena míaƒe aƒewo zu aƒedo!’ ”
 
20 Azɔ la, Oo nyɔnuwo,
mise Yehowa ƒe nya,
mike miaƒe towo ɖe eƒe numenyawo ŋuti.
Mifia mia vinyɔnuwo ale si woado ɣlii.
Mifia konyifaha mia nɔewo
21 Ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe mía dzi.
Ege ɖe míaƒe mɔ sesẽwo me.
Ekplɔ ɖeviwo dzoe le mɔtatawo dzi
eye wòɖe ɖekakpuiwo ɖa le dua ƒe ablɔ me.
22 Gblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“ ‘Amegbetɔwo ƒe ŋutilã kukuwo akaka abe
gbeɖuɖɔ wolɔ kɔ ɖe agble dzi ene.
Woanɔ abe nukue nuŋela ŋe ƒo ɖi,
eye ame aɖeke meli afɔ wo o ene.’ ”
23 Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Nunyala megatsɔ eƒe nunya ƒo adegbee
alo ŋusẽtɔ natsɔ eƒe ŋusẽ aƒo adegbee
alo kesinɔtɔ natsɔ eƒe kesinɔnuwo aƒo adegbee o,
24 ke boŋ ame si aƒo adegbe la,
neƒo adegbe tso nu sia ŋu be,
yenyam hese gɔnyeme nyuie be nyee nye Yehowa,
ame si nye dɔmenyotɔ,
ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la kple dzɔdzɔetɔ le anyigba dzi
eye esiawo mee medzɔa dzi le,”
Yehowae gblɔe.
25 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mahe to na ame siwo tso aʋa le ŋutilã me ko. 26 Woawoe nye Egipte, Yuda, Edom, Amon, Moab kple ame siwo katã le dzogbenyigba siwo le didiƒe la dzi, elabena le nyateƒe me la, dukɔ siawo katã metso aʋa o. Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã metso aʋa le dzi me o.”