10
Mawu kple legbawo
Mise nya si gblɔm Yehowa le na mi, O Israel ƒe aƒe Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe mɔwo o.
Togbɔ be ŋɔdzi léa dukɔwo le dzesi
siwo dona ɖe dziŋgɔli ŋuti hã la,
womegado ŋɔdzi na miawo ya o.
Dukɔ siawo ƒe kɔnyinyiwo nye yaka.
Wotsoa ati le ave me eye atikpala tsɔa hɛ kpanɛ kple aɖaŋu.
Wotsɔa klosalo kple sika fana ɖe eŋuti.
Wotsɔa gatagbadzɛ klãnɛ ɖe enɔƒe be magamu o.
Woƒe aklamakpakpɛ siwo mate ŋu aƒo nu o la
le abe xevi nyanu le adzamatregble me ene.
Ele be woakɔ wo, elabena womate ŋu azɔ azɔli o.
Migavɔ̃ na wo o; womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke mi
alo awɔ nyui aɖeke na mi o.”
 
O Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o;
èlolo eye wò ŋkɔ nye ŋusẽ triakɔ.
Ame kae li si agbe wò bubu,
O dukɔwo ƒe Fia?
Elabena esiae nye tɔwò gome.
Nunyala siwo le dukɔwo
kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o.
 
Wo katã wonye susumanɔsitɔwo kple numanyalawo.
Aklamakpakpɛ si mele ɖeke me o
lae nye woƒe nufiala.
Wotsɔa klosalo si woƒo gbabɛ la tsoa Tarsis
eye wotsɔa sika tsoa Ufaz.
Wotsɔa awu blɔtɔ kple dzĩtɔ dona na nu si atikpala
kple sikanutula wɔ, nu siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo.
10 Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu,
eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ.
Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna
eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe
eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.
11 “Gblɔ nya sia na wo, ‘mawu siawo, esiwo mewɔ dziƒo kple anyigba o la atsrɔ̃ le anyigba dzi kple dziƒoa te.’ ”
12 Ke Mawue wɔ anyigba kple eƒe ŋusẽ;
eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me,
eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee.
13 Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe
eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke.
Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa
eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
 
14 Amegbetɔwo katã nye movitɔwo
eye nunya mele tagbɔ na wo o.
Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ.
Eƒe legbawo nye beble
elabena agbe mele wo me o.
15 Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye,
ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
16 Ke ame si nye Yakob ƒe gome la,
mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla
kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
Gbegblẽ si gbɔna
17 Miƒo miaƒe nunɔamesiwo nu ƒu
ne miadzo le anyigba la dzi,
mi ame siwo aʋa xa aƒe na.
18 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Le ɣeyiɣi sia me la,
matsɔ ame siwo le anyigba sia dzi la aƒu gbe.
Mana xaxa nava wo dzi ale be woate ŋu alé wo.”
 
19 Baba nam le abi si mexɔ la ta.
Nye abi la nye abi makumaku!
Gake megblɔ na ɖokuinye be,
“Esia nye nye dɔléle eya ta ele nam be manɔ te ɖe enu.”
20 Wogbã nye agbadɔ eye wolã eƒe kawo.
Vinye ŋutsuwo dzo eye womegali o.
Ame aɖeke mesusɔ si atu nye agbadɔ nam
alo akpe ɖe ŋunye awɔ gbɔɖemeƒe nam o.
21 Alẽkplɔlawo nye movitɔwo
eye womebiaa Yehowa ta sena o,
eya ta nu medzea edzi na wo o.
Ale woƒe alẽhawo hã kaka.
22 Ƒu to anyi, ɣli aɖe ɖi, ƒu to anyi, egbɔna,
hoowɔwɔ gã aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna!
Awɔ Yuda duwo woazu aƒedo
kple nɔƒe na amegaxiwo.
Yeremia ƒe gbedodoɖa
23 O Yehowa, menya be amegbetɔ
ƒe agbe menye eya ŋutɔ tɔ o
eye menye amegbetɔ ƒe dɔ wònye be
wòalé eƒe mɔ atsɔ o.
24 Yehowa, ɖɔm ɖo, gake kple afiatsotso nyui,
menye le wò dziku me o. Ne menye nenema o la,
àwɔm mazu nu maɖinu.
25 Trɔ wò dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o
kple ame siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi.
Elabena wovuvu Yakob, wovuvui keŋkeŋ, eye wogblẽ eƒe nɔƒe.